Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 17:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi hã na wò. Mayrae ale bena, wòava nye dukɔwo kple dukɔwo dziɖulawo dada.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi na wò! Ɛ̃, makɔ yayra geɖe ɖe edzi, eye mana wòazu dukɔ geɖewo dada! Fia geɖewo anɔ miaƒe dzidzimeviwo dome.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 17:16
17 Referans Kwoze  

Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ, àdzi, eye nasɔ gbɔ; anye dukɔ kple dukɔhawo ƒe fofo, eye fiawo adzɔ atso mewò.


Fiawo anye vinyilawo na wò, eye wo srɔ̃wo anye nonala na wò; woade ta agu atsyɔ mo anyi ɖe ŋkuwò me, eye wòaɖuɖɔ wò afɔ ŋu ke, eye adze si be, nyee nye Yehowa, eye nyemenana ŋu kpea amesiwo ɖoa ŋu ɖe ŋunye la o.


Eye mana nadzi ɖe dzi ŋutɔ, eye dukɔwo kple fiawo adzɔ tso mewo.


abe alesi Sara ɖoa to Abraham, eye wòyɔnɛ be aƒetɔ la ene, amesi vinyɔnuviwo míezu azɔ, ne miewɔa nu nyui, eye míeyɔa ŋɔdzidodoa ɖeke o.


Elabena ŋugbedodonya enye sia bena: „Magbugbɔ ava gbɔwò le wɔleawoɣi, eye viŋutsuvi lanɔ Sara si.“


Eye woyra Rebeka gblɔ nɛ bena: Wò, mía nɔvinyɔnu, nadzi ame akpe nanewo, eye viwòwo natsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee!


Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.


Eye Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!


Ke amesi tso kosi me la, wodzii le ŋutilã la nu, eye amesi tso ablɔɖenyɔnu me la, wodzii to ŋugbedodo la me.


Eye Mawu gagblɔ na Abraham bena: Megayɔ srɔ̃wò Sarai bena Sarai azɔ o, ke boŋ Sara anye eƒe ŋkɔ.


Tete Mawu gblɔ bena: Nyateƒe! Srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Isak, eye mabia nu kple eya kpakple emegbeviwo tegbee.


Ke Yehowa ɖo ŋku ŋugbe, si wòɖo na Sara la dzi, eye Yehowa wɔ na Sara, abe alesi wògblɔ ene.


Eye Yehowa gblɔ nɛ bena; Dukɔ evee le wò dɔ me, eye dukɔ eveawo amã atso wò dɔ me ke; dukɔ ɖeka asesẽ awu ɖeka, eye tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ!


Esiawo nye fia, siwo ɖu Edom-nyigba dzi, hafi fia va ɖo Israel-viwo si.


Ke Yehowa gblɔ nɛ bena: Menye eya anyi wò dome o; boŋ amesi nava dzi la, eya anyi wò dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite