Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 16:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Le Abram ƒe Kanaan-nyigba dzi nɔnɔ ƒe ewo megbe la, Sarai, Abram srɔ̃, tsɔ eƒe kosi, Egipte-nyɔnu Hagar, na srɔ̃a Abram wòɖe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ale esi Abram nɔ Kanaan ƒe ewo megbe la, srɔ̃a, Sarai, tsɔ eƒe Egipte kosi, Hagar na srɔ̃ŋutsua be wòanye srɔ̃a.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 16:3
15 Referans Kwoze  

Eye Sarai gblɔ na Abram bena: Nu manyomanyo, si teƒe kpɔm mele la, etso gbɔwò. Nye ŋutɔ metsɔ nye kosi na wò; ke azɔ esi wòkpɔ bena, yefɔ fu ko la, eva kpɔ ye ge ɖe ƒomevii. Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le mía kpli wò dome!


elabena Hagar enye Sinai-to la le Arabia, ke esɔ kple egbegbe Yerusalem; elabena eya kple viawo le kluvinyenye me.


Esrɔ̃a, siwo nye fiasrɔ̃wo, le alafa adre, eye eƒe ahiãwo le alafa etɔ̃; eye srɔ̃awo trɔ eƒe dzi.


Esi Dawid tso Xebron va la, egadze ahiãwo, eye wòɖe srɔ̃wo le Yerusalem, eye wogadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo na Dawid.


Ke esi Israel le nuto sia me la, Ruben de asi fofoa ƒe kosi Bilha ŋu, eye Israel see.


Ale nunanawo dze ŋgɔ, ke eya ŋutɔ tsi asaɖa me dɔ le zã ma me.


Ke esi Lea kpɔ bena, yemegale vi dzim o la, etsɔ eƒe kosi Silpa na Yakob wòɖe.


Eye wòtsɔ eƒe kosi Bilha ne wòde, eye Yakob dɔ kplii.


Eyata Esau yi ɖe Ismael gbɔ, eye wòɖe Mahalat, Abraham vi Ismael ƒe vinyɔnu, si enye Nebayot nɔvinyɔnu, hekpe ɖe srɔ̃ bubuawo ŋu.


Ke Abraham na nu srɔ̃ bubuawo ƒe viwo heɖe wo ɖa le Isak ŋu, eye wòɖo wo ɖe ɣedzeƒenyigba dzi le eya ŋutɔ ƒe agbenɔɣi me.


Eye wòdɔ kple Hagar, eye wòtɔ fu. Ke esi wòkpɔ bena, yefɔ fu la, eva eƒe aƒenɔ kpɔ ge ɖe ƒomevii.


Abram xɔ ƒe blanyi vɔ ade, esime Hagar dzi Ismael nɛ.


Eye wònɔ Paran-gbe dzi, eye dada ɖe srɔ̃ nɛ tso Egipte-nyigba dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite