Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 16:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Tete wòyɔ Yehowa, amesi ƒo nu kplii la ƒe ŋkɔ bena: Wòe nye Mawu nusianu kpɔla! Elabena egblɔ bena: Alo menye amesi le kpɔyem la yome mekpɔ ɖa vava oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Hagar bia eɖokui be, “Ɖe mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume hafi gale agbe be maƒo nu tso eŋua?” Eya ta eyɔ Yehowa ame si ƒo nu kpli la be, “Mawu si kpɔa nu.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 16:13
14 Referans Kwoze  

Tete Yakob biae bena: Meɖe kuku, yɔ wò ŋkɔ nam! Eɖo ŋu bena: Nukaŋuti gɔ̃ nèle nye ŋkɔ ta biam? Eye wòyrae lé afima.


Elabena amesiame ƒe mɔ le nuvo le Yehowa ŋku me, eye eyae ɖea woƒe toƒewo katã.


Yehowa ƒe ŋku le vɔ̃ kple nyui ŋu le afiawo katã.


Ɖe menye tɔgbuinyewo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, si Isak hã vɔ̃na lae, nɔ anyi kplim o la, anye ne ado mɔm asi ƒuƒlui: gake Mawu kpo nye fukpekpe kple nye agbagbadzedze la, eyata wòtso afia nam etso ƒe zã, si va yi.


Ke Yehowa ƒe dɔla kpɔe le tsivudoa ɖe, si le gbe dzi le Sur-mɔ dzi la to.


Eye Abraham yɔ teƒe ma bena: Afisi Yehowa ɖe eɖokui fia le. Eyata wogblɔna vaseɖe egbegbe bena: Le to dzi, afisi Yehowa ɖea eɖokui fiana le.


Eye wòyɔ gblɔ bena: Ŋɔdziƒe ka enye si! Afi sia menye afia ɖeke o, negbe Mawu ƒe aƒe kple dziƒogbo ko wonye.


Eye Gideon ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afima, eye wòna ŋkɔe bena: Yehowae nye ŋutifafa. Ele Abiesritɔwo ƒe Ofra vaseɖe egbe.


Ke mewɔ naneke Israel-viwo ƒe ame ŋkutawo o, eye woɖe ŋku ɖe Mawu ŋu, emegbe woɖu nu, eye wono nu.


Eye Yakob na ŋkɔ teƒe la be Pniel, elabena egblɔ be: Mekpɔ Mawu ŋku me kple ŋku me: gake metsi agbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite