Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 16:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Yehowa ƒe dɔla la gagblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, èfɔ fu, eye àdzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Ismael; elabena Yehowa se wò konyi, si nèfa le wò fukpekpe la ŋuti

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Fifia, èfɔ fu; àdzi ŋutsuvi. Na ŋkɔe be Ismael, si gɔmee nye, ‘Mawu see,’ elabena Yehowa se wò konyifafa.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 16:11
16 Referans Kwoze  

Eye Yehowa gblɔ bena: Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo.


Eyata Aƒetɔ la ŋuta ana dzesi mi: Kpɔ ɖa, ɖetugbi afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be „Mawu li kpli mí“.


Esi ƒe trɔ la, Xana fɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Samuel, elabena egblɔ be: Yehowa si me mebiae le.


Tete Mawu gblɔ bena: Nyateƒe! Srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Isak, eye mabia nu kple eya kpakple emegbeviwo tegbee.


Eye wòbia nuŋlɔkpe suea ɖe, eye wòŋlɔ bena: Yohanes enye eƒe ŋkɔ. Tete wo katã ƒe mo wo yaa.


Ameka ɖaa nuɖuɖu na akpaviã, ne viawo le ɣli dom na Mawu, eye wole tsa glãla tsam nuɖuɖu makpɔmakpɔe?


Eye esi Israel-viwo ƒe ɣli ɖi mese, eye mekpɔ, alesi Egiptetɔwo le fu wɔm wo la,


Eye kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu.


Ke dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Zaxarya; elabena wose wò kukuɖeɖe la, eye srɔ̃wò Elisabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yohanes.


Mi amesiwo vɔ̃a Yehowa la, mikafui! Mi Yakob-ƒomeawo katã, mibui! Mi Israel-ƒomeawo katã, misi eƒe ŋku me!


Emegbe wobɔbɔ na anyi, be yewoaɖu nu, kasiaa wokpɔ Ismael-sihawo tso Gilead gbɔna heyina ɖe Egipte, eye woƒe kposɔwo tsɔ aŋe, lifi kple kotoklobo.


Ke Mawu se ɖevia ƒe avifafa, eye mawudɔla yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ bena: Hagar, nuka le wɔwòm? Megavɔ̃ o, elabena Mawu se ɖevi la ƒe gbe tso afisi wòle.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite