Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 15:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye wòkplɔe yi ɖe xexe gblɔ nɛ bena: Kpɔ dziƒo ɖa, eye naxlẽ ɣletiviwo, ne ate ŋu axlẽ wo la. Eye wògblɔ nɛ bena: Nenema wò ƒome anɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Yehowa kplɔ Abram va xexe le ɣletiɖiɖi nu, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ dziƒo ɖa, eye nàxlẽ ɣletiviawo, ne àte ŋu axlẽ wo ko. Nenema tututue wò dzidzimeviwo anɔ; ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 15:5
22 Referans Kwoze  

Eyata tso ame ɖeka, si ƒe vidzidɔ ku la me, dzidzime va dzɔ sɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ƒe agbɔsɔsɔ ene, eye abe ƒutake, si womate ŋu axlẽ o la ene.


amesi le esime mɔkpɔkpɔa ɖeke megali o la, wòkpɔ mɔ le xɔse me, bene wòatro zu dukɔ geɖewo fofo, abe alesi wogblɔ ne ene bena: „Nenema lanye wò ƒome.“


Yehowa, mia Mawu, na, miedzi ɖe dzi, eye azɔ miesɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.


Ɖo ŋku wò dɔla Abraham, Isak kple Israel dzi, amesiwo neka atam na, eye nègblɔ na wo bena: Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba blibo sia, si ŋugbe meɖo ta, ana miaƒe dzidzimeviwo, bena wòanye wo tɔ tegbee.


eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.


Fofowòwo le ame blaadre hafi va Egipte, ke azɔ la Yehowa, wò Mawu, na mèsɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.


Alesi dziƒo ŋu nuwo mele xexlẽ me o, eye ƒutake mele dzidze me o la, nenema ke madzi nye dɔla Dawid kple nye subɔla Lewi-viwo ƒe ƒome ɖe dzii.


Eya, amesi ɖo xexlẽme na dzinuviwo, eye wòyɔa wo katã ŋkɔ.


Ke Dawid mexlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple amesiwo mekpɔ xɔ nenema haɖe o la, ɖe eme o, elabena Yehowa do ŋugbe be, yeawɔ Israel wòasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.


Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.


Eye wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, eye nakeke ta ɖe ɣetoɖoƒe, ɣedzeƒe, anyiehe kple dziehe, eye woayra anyigba dzi dukɔwo katã. Ne mia kple wò dzidzimeviwo me.


Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒo ɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã ana wò dzidzimeviwo, eye le wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le.


Eye Yehowa ƒe dɔla la gblɔ nɛ bena: Mawɔ wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ŋutɔ, ale bena le woƒe agbɔsɔsɔ ta womate ŋu axlẽ wo o.


Eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene ale be, ne amea ɖe ate ŋu axlẽ ʋuʋudedi la, eya koe ate ŋu axlẽ wo dzidzimeviwo hã.


Eye nye nubabla nanɔ mia kpli wò dome, eye mana nasɔ gbɔ ɖe edzi.


Tete mekplɔ mia fofo Abraham tso tɔsisi la ƒe go keme dzi, eye mena wotsa le Kanaan-nyigba blibo la dzi — mena viawo dzi ɖe dzi — eye metsɔ Isak nɛ.


Eye wò dɔla le dukɔ, si nètia la dome, dukɔ, si keke ta, eye wòsɔ gbɔ, ale be womate ŋu abui alo axlẽe o.


Ena wo viwo sɔ gbɔ abe dziƒo ɣletiviwo ene, eye nèkplɔ wo va anyigba, si ŋu nègblɔ le na wo fofowo be, woayi adaxɔe wòanye wo lɔ la dzi.


Fɔ kɔ te, nalé ŋku ɖe dziƒo, eye kpɔ alilikpo, siwo le tawòme boo la ɖa!


Miɖe ŋku ɖe mia fofo Abraham kple Sara, si dzi mi; elabena eya ɖeka meyɔ, eye meyrae wòdzi ɖe dzi.


Wò ŋutɔ gblɔ be: Mawɔ nyuie na wò vava, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ƒutake, si womate ŋu axlẽ le agbɔsɔsɔ ta o la ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite