Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 15:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye wòva ve me bena, esime ɣe ɖo to, eye viviti do la, kpɔ ɖa, dzudzɔ le dodom le kpɔa ɖe me kɔlikɔli, eye dzo ƒe ade le dzi dem le lãwo domee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Esi ɣe ɖo to, eye viviti do la, Abram kpɔ ze aɖe si me dzudzɔ nɔ dodom tso kɔlikɔli kple akakati aɖe si nɔ lã kuku fefeawo dome tom.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 15:17
13 Referans Kwoze  

Eye Yehowa ƒe dɔla la tsɔ atikplɔ, si le esi la nu tɔ lã kple tatali maʋamaʋã la dzi, enumake dzo do tso agakpe la me hefiã lã kple tatali maʋamaʋã la, eye Yehowa ƒe dɔla la bu vi le eƒe ŋku me.


nya, siwo mede asi na mia fofowo le gbesigbe mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, tso gakpo me, gblɔ bena: Ne míese nye gbe, eye miewɔ, abe alesi mede se na mi ene la, ekema mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu,


Eye Dawid ɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa hesa numevɔ kple akpedavɔ. Eye esi wòyɔ Yehowa la, etɔ ne, eye wòna dzo tso dziƒo va numevɔsamlekpui la dzi.


Nyemazi ɖoɖoe o le Zion ta, eye le Yerusalem ta nyemagbɔ ɖe eme o, vaseɖe esime eƒe dzɔdzɔenyenye nado abe kekeli ene, eye eƒe xɔname nabi abe akakati ene.


Dzudzɔ de dzi tso eƒe ŋɔti me, dzo tso eƒe nu me fiã nu, eye aka lé dzo tso egbɔ.


Esi dzo ƒe aɖewo de dzi le vɔsamlekpuia dzi la, Yehowa ƒe dɔla to vɔsamlekpui la ƒe dzo ƒe aɖeawo me yi dzi Manoax kple srɔ̃ wokpɔ. Tete wotsyɔ mo anyi.


Ke Yehowa ɖe miawo tso aŋɔɖakpo me le Egipte, bena mianye eya ŋutɔ ƒe dukɔ, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Tete wotsɔ nu siawo katã vɛ nɛ hefe wo me, eye wòɖo akpa afafãawo ɖe agbaka eve me ɖewo nɔewo gbɔ; ke mefe xeawo ya me o.


Eye dzudzɔ bia Sinai-to blibo la, elabena Yehowa ɖi va edzi le dzo me; eye dzudzɔ la ɖe dzi abe aŋɔɖaƒe dzudzɔ ene, eye to blibo la le ʋuʋum ŋutɔ.


Tete dzo tso Yehowa gbɔ va fiã vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigba, eye wòɖuɖɔ tsi, si le ʋea me hã keŋkeŋ.


Esi dukɔ blibo la se dziɖegbe kple kpẽawo ƒe ɖiɖi, eye wokpɔ dzikedzo kple alesi toa le dzudzɔ tumi la, dukɔ la dzo nyanyanya, eye wotsi tre ɖe adzɔge ke.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite