Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 15:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le nya siawo megbe la, Yehowa ƒo nu na Abram le ŋutega me gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Abram, elabena nyee nye wò akpoxɔnu, maʋli tawò, eye makɔ yayra geɖewo ɖe dziwò.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 15:1
65 Referans Kwoze  

megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Ɣaɣlaƒe kple akpoxɔnu nènye nam; wò nya la sinu dzem mele.


Elabena ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ eme vɔ̃ɖiwo ƒe agbaɖɔ me.


Tete Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me gblɔ bena: Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu! Megavɔ̃ o, elabena nye la meli kpli wò; mayra wò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le nye dɔla Abraham ta.


Wò, nyẽvi Yakob, wò, ha sue Israel, megavɔ̃ o! Makpe ɖe ŋuwò, Yehowa ye gblɔe; wò xɔnametɔ enye Israel ƒe kɔkɔetɔ la.


Nye luʋɔ be: Nye gome enye Yehowa, eyata mele esinu kpɔm ɖo.


Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.


Amesiwo katã ɖoa ŋu ɖe ŋuwò la, nakpɔ dzidzɔ, woatso aseye tegbee, elabena èkpɔ wo ta; amesiwo katã lɔ̃ wò ŋkɔ la, nado ɖe ŋuwò hoo!


Eye wògblɔ bena: Yehowa, nye ŋusẽ, nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o;


Yehowa naɖo wò nuwɔwɔ teƒe na wò, eye fetu dedie le Yehowa, Israel ƒe Mawu, si ƒe aʋala te nèva sisi ge tso la, gbɔ na wò!


Ke dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Zaxarya; elabena wose wò kukuɖeɖe la, eye srɔ̃wò Elisabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yohanes.


Megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; makplɔ viwòwo tso ɣedzeƒe vɛ, eye maƒo nuwo ƒu tso ɣetoɖoƒe!


Ɖe ŋku ɖe ɖusi me, eye nakpɔ nu, nye ame nyanyɛa ɖeke meli o, eye sitsoƒe bu dem; amea ɖeke meli, si biaa tanye sena o.


Ame geɖewo le gbɔgblɔm le ŋunye be: Xɔnamea ɖeke mele Mawu gbɔ nɛ o! Sela.


Ke Mawu se ɖevia ƒe avifafa, eye mawudɔla yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ bena: Hagar, nuka le wɔwòm? Megavɔ̃ o, elabena Mawu se ɖevi la ƒe gbe tso afisi wòle.


Eye dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Mana! Elabena èkpɔ amenuveve le Mawu gbɔ.


Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ, elabena ele hlɔ̃biabia kpɔm, eye aklɔ eƒe afɔwo ɖe eme vɔ̃ɖi ƒe ʋu me.


Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele vɔvɔ̃m ale, mi xɔseʋeetɔwo! Tete la wòtsi tre, eye wòblu ɖe ya kple ƒu la ta, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi kpoo.


Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m?


Dawid tɔ. Yehowa enye nye kekeli kple nye xɔname, ameka mavɔ̃? Yehowa enye mɔ̃ na nye agbe, ameka adzi ŋɔ nam?


Ame vɔ̃ɖi kpɔa viɖe ƒuƒlu; ke amesi ƒãa dzɔdzɔenyenye la, akpɔ fetu vavã.


Atso eƒe fu atsyɔ dziwò eye eƒe aʋala fe nabe ɖo; akpoxɔnu gã kple ɖagbitɔ enye eƒe nyateƒe la.


Milé dzi ɖe ƒo, eye misẽ ŋu, migavɔ̃ o, eye womegadzi ŋɔ na mi o, elabena Yehowa, wò Mawu ŋutɔ le yiyim le mia dome, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o


Tete wògblɔ nam bena: Amevi, yi Israel ƒe aƒe la gbɔ nagblɔ nye nyawo na wo.


Ale Yehowa, wɔwòla kple mèwòla tso dɔ me ke, amesi li kpli wò la, gblɔ esi: Nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Yesurun, megavɔ̃ o!


Azɔ ale Yehowa, amesi wo wò Yakob, eye wòme wò Israel la, gblɔ esi: Megavɔ̃ o, elabena meɖe wò, metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be: Tɔnye nènye.


Migblɔ na amesiwo ƒo dzi ɖe le la be. Milé dzi ɖe ƒo, migavɔ̃ o! Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si! Hlɔ̃biabia gbɔna, Mawu ƒe teƒeɖoɖo; eya ŋutɔ gbɔna, ne woaxɔ na mi.


Ke Mose gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o, milé dzi ɖe ƒo, eye miakpɔ, alesi Yehowa le mia ɖe gee egbe; elabena Egiptetɔ, siwo kpam miele egbea la, miegale wo kpɔ ge alea gbeɖegbeɖe akpɔ o.


Eye esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Eye wòda eƒe nuɖusi ɖe dzinye gblɔ bena: Megavɔ̃ o, nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ


Esime Mawu ƒo nu na fofoawo le blemaŋɔli to nyagblɔɖilawo dzi zi geɖewo le nya ƒomevi geɖewo me la, eƒo nu kple miawo hã le ŋkeke mamletɔ siawo me le Via me,


eɖanye Paulo o, eɖanye Apolo o, eɖanye Kefa o, eɖanye xexeame o, eɖanye agbe o, eɖanye ku o, eɖanye nusi li fifi alo nusi le vava ge o; nuwo katã nye mia tɔ,


Eye wogblɔ bena: aʋafia Kornelio, ame dzɔdzɔe kple amesi vɔ̃a Mawu, amesi ŋuti Yuda-dukɔ blibo la katã ɖi ɖase nyuie le la, eya mawudɔla kɔkɔea ɖe de se na be, nedɔ, ne woayi ɖayɔ wò va eƒe me, bena wòase nyawo tso gbɔwò.


Mawu ƒe nuƒoƒowo katã me dza; akpoxɔnu wònye na amesiwo sii tso la.


Yehowa, Mawu Zebaot, ɖo to nye gbedodoɖa, Yakob ƒe Mawu, see! Sela.


Tsã, ne woyina nu bia ge Mawu le Israel la, wogblɔna bena: Mina miayi nukpɔla gbɔ! Elabena amesi woyɔna fifia be nyagblɔɖila la, eya woyɔna tsã be nukpɔla.


Eye gbɔgbɔ la kɔm le ŋutega me ɖada ɖe aboyomeawo gbɔ le Kaldea-nyigba dzi to Mawu ƒe gbɔgbɔ la me, eye ŋutega, si mekpɔ la, dzo le gbɔnye.


Eye Dawid gblɔ na via Salomo bena: Sẽ ŋu, eye lé dzi ɖe ƒo, eye na wòe aɖe goe; megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o; elabena Yehowa Mawu, nye Mawu, li kpli wo, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o, vaseɖe esime na wu Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔwo katã nu!


Le ƒe blaatɔ̃lia me le dzinu enelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi, esime mele aboyomewo dome le Kebar-tɔsisi to la, eva me be, dziƒo nu ʋu, eye mekpɔ Mawu ƒe ŋutega.


Eye mawudɔla la gblɔ na nyɔnuawo bena: Miawo la migavɔ̃ o; elabena menyae bena, Yesu, amesi woklã ɖe ati ŋu la, dim miele.


Ŋɔ megadzi mi o, eye migadzo nyanyanya o! Ɖe nyemena miesee tso gbaɖegbe ke, eye nyemetoe na mi oa? Miawoe nye nye ɖasefowo. Ɖe mawua ɖe li kpe ɖe ŋunyea? Agakpea ɖeke meli o, nyemenya ɖeke o.


Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.


Tete Abram gblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, esi vikoe le wɔyem, eye ye nuwo domenyila enye Damaskotɔ Eliezer la, nuka gɔ̃ natsɔ nama?


Ke Yehowa gblɔ nɛ bena: Menye eya anyi wò dome o; boŋ amesi nava dzi la, eya anyi wò dome.


Gake mia fofo blem, eye wòɖɔ li nye fetu zi ewo; ke Mawu meɖe mɔ nɛ be, wòawɔ vɔ ɖe ŋunye o.


Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Naneke manye tɔwo le woƒe anyigba dzi o, eye makpɔ gomea ɖeka le wo dome o, elabena nyee nye wò gome kple wò domenyinu le Israel-viwo dome:


Amesi sea Mawu ƒe nyawo, ƒe gbe enye si, amesi ŋusẽkatãtɔ ɖea nuwo fiana, amesi tsyɔ mo anyi, ke eƒe ŋkuwo le te:


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena:


Mawu enye nye ɣaɣlaƒe, amesi gbɔ mebe ɖo nye akpoxɔnu kple nye xoxo ƒe lãdzo, nye mɔ̃ sesẽ kple nye sitsoƒe kpakple nye xɔla, amesi ɖem tso ŋutasẽlawo si me.


Le nya siawo megbe la Mawu do Abraham kpɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Abraham! Eɖo ŋu nɛ bena: Nye enye si!


Le nya siawo megbe la Abraham se bena, Milka hã dzi ŋutsuviwo na nɔvia Naxor.


Womaxɔ domenyinua ɖeke ɖe wo nɔviwo dome o, elabena Yehowa ŋutɔe nye woƒe domenyinu, abe alesi wòdo ŋugbe na wo ene.


Eye Yehowa ƒe dɔlaa ɖe ƒo nu kple Eliya bena: Yi kplii, megavɔ̃ o. Tete wòtso, eye eya kplii woyi fia la gbɔ.


Ke wò, Yehowa, enye nye akpoxɔnu kple nye bubu, eye wòe fɔ nye ta ɖe dzi.


Aron ƒe aƒe, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu; woƒe xɔname kple akpoxɔnu wònye!


Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa gbɔna kple ŋusẽ, eye eƒe alo aɖu fia ɖe enu. Kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋu, eye eƒe teƒeɖoɖo le eŋgɔ.


Yehowa be: Ke maɖe wò le ɣemaɣi, eye womatsɔ wò ade asi na amesiwo le ŋɔ dzim na wò la o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite