Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 14:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke Melxizedek, Salem-fia, tsɔ abolo kple wein vɛ; ame sia enye Mawu dziƒoʋitɔ ƒe nunɔla.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 eye Salem fia Melkizedek, ame si nye Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nunɔla la tsɔ abolo kple wain vɛ nɛ,

Gade chapit la Kopi




1 Mose 14:18
23 Referans Kwoze  

afisi Yesu yi ɖo le mía ta abe ŋgɔnɔla ene, amesi va zu nunɔlagã le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu yi ɖe mavɔmavɔ me.


Yehowa ka atam, eye mavee akpɔ o be: Wòe nye nunɔla tegbee le Melxizedek ƒe kɔa nu.


abe alesi wogblɔ le afi bubua ɖe hã ene bena: „Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.“


amesi Mawu yɔ be nunɔlagã le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.


Wonya Mawu le Yuda, eƒe ŋkɔ lolo le Israel;


Amesia dze Paulo kple mia yome, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Nenem me siawo la, Mawu dzifoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, amesiwo le agbexɔxɔmɔ gblɔm fia mí.


Ve nunye, Mawu, ve nunye; elabena gbɔwò meɣla ɖo, eye wò aʋala ƒe vɔvɔli te mehe ɖo, vaseɖe esime gbegblẽ la nu nayi!


Eƒe dzɔgbevɔ̃e trɔ va eƒe ta dzi, eye eƒe ŋutasesẽ gbugbɔ va dze eƒe dzodome.


Eye wògblɔ bena: Yehowa ayra wò, vinye! Eɖe wò lɔlɔ̃ fia fifia wu tsã; elabena mèdze ɖekakpuiwo, ame dahe alo hotɔwo yome o.


Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.


Gake nuwokatãtaƒola la menɔa nusi wowɔ kple asi la me o, abe alesi nyagblɔɖila gblɔ ene bena:


Nukae matsɔ ɖe asi ado ɖe Yehowa ŋku me, eye made ta agu ɖe Mawu ɖziƒoʋĩtɔ la ŋku me? Ɖe matsɔ enumevɔsa kple nyivi, siwo xɔ ƒe ɖeka la, ɖe asi ado ɖe eŋku mea?


Tsɔ akpedada sa vɔ na Mawu, eye naxe wò adzɔgbeɖefe na dziƒoʋitɔ la!


Tete Dawid ɖɔ amewo ɖo ɖe Yabes-Gileadtɔwo gblɔ na wo bena: Yehowa ayra mi, elabena mieve miaƒe aƒetɔ Saul nu, eye mieɖii!


Elabena Melxizedek sia enye Salem-fia kple Mawu, dziƒoʋĩtɔ, nunɔla, amesi yi ɖakpe Abraham, le esime wògbugbɔ tso fiawo siƒe gbɔna, eye woayrae;


Wein doa dzidzɔ na amagbetɔ ƒe dzi, eye wònana eƒe mo zrɔ̃na lãlãlã wu ami; ke abolo doa ŋusẽ amegbetɔ ƒe dzi.


Ale miade adzɔ le nuwo katã ƒe ewoliawo ɖeka, siwo miaxɔ le Israel-viwo si la, ŋu na Yehowa, eye miatsɔ Yehowa ƒe adzɔ la ana nunɔla Aron.


Amesi sea Mawu ƒe nyawo la, ƒe gbe enye si, amesi dzea si dziƒoʋitɔ ƒe susuwo, amesi ŋusẽkatãtɔ ɖea nuwo fiana, amesi tsyɔ mo anyi, ke eƒe ŋkuwo le te.


eƒe agbadɔ le Salem, eye eƒe nɔƒe le Zion.


Esi azã de la, nye Nebukadnezar mefɔ mo dzi, nye mo gakɔ, eye mede akpe na dziƒoʋĩtɔ la, mekafu amesi le agbe tegbee la, eye mede bubu eŋu, eya amesi ƒe dziɖuɖu li tegbee, eye eƒe fiaɖuƒe le ƒomewo katã me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite