Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 14:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye eya ŋutɔ kple eƒe ameawo dze aʋa va fiti wo le zã me hesi wo, eye wonyã wo vaseɖe Xoba le Damasko ƒe anyiehe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Wodze aʋakɔ la dzi le zã ma me, eye wonya wo va se ɖe Hoba le Damasko ƒe anyiehe lɔƒo.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 14:15
14 Referans Kwoze  

eye wòbia agbalẽwoe bena, yeayi Damasko ɖe ƒuƒoƒeawo me, ne yeakpɔ amesiwo le nenem mo sia dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo la, ne yeabia wo akplɔ va Yerusalem.


Eme anye na ŋutsu, si naa nu ame, eye wòdoa nu na ame; eya ƒe nya aɖu dzi le ʋɔnudɔdrɔ̃ nu.


Tete Asa tsɔ klosalo kple sika, siwo katã kpɔtɔ ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe kple fia ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe la, de eƒe dɔlawo si; eye fia Asa dɔ ame ɖo ɖe Aram-fia Ben-Hadad, si enye Xesion vi Tabrimon ƒe vi, amesi le Damasko la gbɔ be, woagblɔ nɛ bena:


Ale woatsɔ fe ake enye si: Ne amea ɖe ɖo nu na nɔvia la, wòatsɔ fe la ake, mekpɔ mɔ ali fe ehavi alo nɔvia o, elabena Yehowa na be, woaɖe gbe ƒã be, woatso fe ake.


Tete la Saul tsi tre tso anyigba; ke esi wòdu ŋku la, mekpɔ amea ɖeke o, eye wòlé eƒe alɔnu, eye wokplɔe yi Damasko.


Eye nusrɔ̃laa ɖe le Damasko, eŋkɔe nye Anania, eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ le ŋutega me bena: Anania! Eye wògblɔ be: Kpɔ ɖa, nyee nye esi, Aƒetɔ!


Tete Abram gblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, esi vikoe le wɔyem, eye ye nuwo domenyila enye Damaskotɔ Eliezer la, nuka gɔ̃ natsɔ nama?


Eye wòmã ame alafa etɔ̃awo ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me, eye wòtsɔ kpẽwo kple ze ƒuƒlu, siwo me akakatiwo le la, ɖe asi na wo katã.


Elabena Aram ƒe ta enye Damasko, eye Damasko ƒe ta enye Rezin, eye le ƒe blaade vɔ atɔ̃ me la woagbã Efrayim gudugudu, eye maganye dukɔ azɔ o.


Nya ɖe Damasko ŋu: Kpɔ ɖa, woaɖe Damasko ɖa maganye du azɔ o, eye wòatrɔ zu anyiglãgo.


Ɖe Damasko ŋu: Ŋu kpe Xamat kple Arpad; elabena wose nya vɔ̃, eye dzi ɖe le wo ƒo; ŋɔdzi le atsiaƒu nu, womate ŋu agbɔ ɖe eme o.


Damasko tsɔ Xelbontɔwo ƒe wein kple alẽfu ɣi ƒle wò aɖanudɔ gbogboawo kple wò kesinɔnu gbogboawo katãe.


Xamat, Berota, Sibrayim, si le Damasko ƒe liƒo kple Xamat ƒe liƒo dome, Xazer-Enon, si le Xauran ƒe liƒo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite