Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 14:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wòva me le ŋkeke mawo me bena, Amrafel, Sinear-fia, Ariok, Elasar-fia, Kedorlaomer, Elam-fia kple Tideal, Goyim-fia,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Azɔ la, aʋa dzɔ le anyigba la dzi. Amrafel, Sinar fia, Ariok, Elasar fia, Kedolaoma, Elam fia kple Tidal, Goyim fia,

Gade chapit la Kopi




1 Mose 14:1
15 Referans Kwoze  

Eƒe fiaɖuƒe ƒe gɔmeɖoɖo enye Babel, Erek, Akad kple Kalne le Sinear-nyigba dzi.


Eye wòva me bena, esi wodze mo ɖo ta ɣedzeƒe gome la, wokpɔ gbadzaƒea ɖe le Sinear-nyigba dzi, eye wonɔ afima.


Sem viŋutsuwo nye: Elam, Asur, Arpaxsad, Lud kple Aram.


De dukɔ, siwo fofonyewo tsrɔ̃: Gozan, Xaran, Rezef kple Eden-viwo, siwo le Telasar la ƒe mawuwo ɖe woa?


Eye woava me le ɣemaɣi be, Aƒetɔ la ado eƒe asi ɖa zi evelia, ne wòaxɔ eƒe dukɔ mamlea, si kpɔtɔ ɖi la, aƒle tso Asur, Egipte, Patros, Kus, Elam, Sinear, Xamat kple atsiaƒu me ƒukpowo dzi.


Eɖo ŋu nam bena: Ɖe wobe, yewoatu xɔ nɛ ɖe Sinear-nyigba dzi, eye ne wotui vɔ la, woatsɔe adre ɖe enɔƒe le afima.


Eye Aƒetɔ la tsɔ Yuda-fia Yoyakim kple Mawu ƒe aƒe me nua ɖewo de asi nɛ; ekplɔ woyi eƒe mawu ƒe nɔƒe le Sinear-nyigba dzi, eye wòtsɔ nuawo de eƒe mawu ƒe nudzraɖoƒe.


Elam le afima, eye eƒe amehawo katã ɖe to ɖe eƒe yɔdo, ame tsiaʋawo sɔŋ wonye, eye wotsi yi nu, wonye bolotɔwo yi tsieƒe, woawoe de ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe de aʋli me yilawo ŋu.


na Zimri-fiawo katã, Elam-fiawo katã kple Media-fiawo katã;


Elam kpla daku, eye tasiaɖam, siwo ame ya, kple sodolawo kpe ɖe eŋu; Kir klo nu le akpoxɔnu ŋu.


Ŋutega sesẽa ɖe woɖe fiãm be: Amegɔmezɔla, zɔ ame gɔme; adzoblasu, ha nu! Elam, ho va; Media, ɖe to ɖe ŋu! Matsi eƒe hũɖeɖewo katã nu.


ɖe Kedorlaomer, Elam-fia, Tideal, Goyim-fia, Amrafel, Sinear-fia, kple Ariok, Elasar-fia ŋuti; fia ene tsitre ɖe fia atɔ̃ ŋuti.


Dor-fia, si le Nafot-Dor la ɖeka, Gilgal-dukɔ vovovowo ƒe fia ɖeka,


Menɔ ŋutega la me yi Susan-mɔ̃, si le Elam-nyigba dzi la me, eye wòwɔ nam le ŋutega me abe Ulai-tɔsisi la to mele ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite