Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 13:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Alo menye anyigba blibo la nye esi le ŋkuwò me oa? De megbe tso gbɔnye dzro! Ne ètia mia me la, matsɔ ɖusi me, eye ne ètia ɖusi me la, matsɔ mia me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Tia anyigba la ƒe akpa si dze ŋuwò la, eye míaklã mɔ. Ne ètia ɣedzeƒe lɔƒo la, ekema manɔ afi sia si nye ɣetoɖoƒe gome. Alo ne ètia ɣetoɖoƒe lɔƒo la, ekema mayi ɣedzeƒe lɔƒo.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 13:9
11 Referans Kwoze  

Midi ŋutifafa na amewo katã kple kɔkɔenyenye hã yome; elabena amea ɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la, ne nusia mele eŋu o.


Minɔ mía gbɔ, kpɔ ɖa, anyigba la enye si, minɔ edzi, eye miatsa le edzi, eye míatsi edzi dika.


Eye Abimelex gblɔ bena: Nye anyigba enye si, no afisiafi, si nyo ŋuwò.


Ke azɔ esia menyo na mi kura o bena, nyadɔdrɔ̃wo le mia dome ɖe mia nɔewo ŋuti. Nukaŋuti miena wowɔ vɔ̃ ɖe mia ŋuti boŋ oa? Nukaŋuti miena woba mi boŋ oa?


ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!


Nye la ŋutifafa ɖeɖe menye, ke ne meƒo nu ko la, woawo dzea aʋa gɔme.


Tete Abram gblɔ na Lot bena: Megana dzre nanɔ mía kpli wò, nye lãnyilawo kple wò lãnyilawo dome o, elabena nɔviwo míenye.


Tete Lot tsa ŋku Yordan-nutowo katã me, eye wòkpɔ bena, tsi li ŋutɔ, elabena Yehowa metsrɔ̃ Sodom kple Gomora haɖe o, ele abe Yehowa ƒe abɔ me ene, eɖi Egipte-nyigba vaseɖe Zoar ke.


Azɔ kpɔ ɖa, meɖe ga le wò alɔ ŋu egbe; ne edze ŋuwò nèbe, yeayi Babel kplim la, va miyi, eye nye ŋku anɔ ŋuwò; ke ne medze ŋuwò be, nayi Babel kplim o la, ekema nɔ anyi; kpɔ ɖa, anyigba blibo la le ŋkuwò me, afisi nyo ŋuwò nebe, yeayi la, yi gama.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite