Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 13:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye dzre dzɔ ɖe Abram ƒe lãnyilawo kple Lot ƒe lãnyilawo dome. Ke Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo hã nɔ anyigba la dzi le ɣemaɣi me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Ale dzre dzɔna ɖe Abram kple Lot ƒe lãkplɔlawo dome enuenu togbɔ be Kanaantɔwo kple Perizitɔwo nɔ anyigba la dzi, eye woate ŋu aho aʋa ɖe Abram kple Lot ŋu gɔ̃ hã hafi.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 13:7
20 Referans Kwoze  

Ke Gerartɔwo ƒe lãnyilawo wɔ dzre kple Isak ƒe lãnyilawo gblɔ bena: Mía tɔe nye; tsi la. Eyata wòna ŋkɔ vudo la be Esek, elabena wowɔ dzre ɖe eta.


Eye Abram tsa le anyigba la dzi vaseɖe Sixem kple Moreli gã la gbɔ; ke ɣemaɣi la Kanaantɔwo le anyigba la dzi.


Elabena afisi ŋuʋaʋã kple dzrehehe le la, afima nu manyomanyo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ sɔŋ nɔna.


eye miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.


Afika aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔ, siwo le mia dome la tsoa? Ɖe menye afima wotso, tso miaƒe nudzodzro, siwo wɔa aʋa le miaƒe ŋutinuwo me la me o mahã?


trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, komamãwo,


Tete Yakob gblɔ na Simeon kple Lewi bena: Miehe dzɔgbevɔ̃e va dzinye, eye anyi gbadzinɔla, siwo nye Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo la, woalem ɖe fu me: kpɔ ɖa, ame ʋeea ɖewo koe míenye, eye ne woaƒo ƒu ɖe mia ŋu la, ekema woaɖu mía dzi, eye woatsrɔ̃m kple tɔnyetɔwo katã.


Elabena tsã la miawo hã míenye ame manyanuwo, tosẽlawo, mɔtrelawo, nu dzodzro kple dzidzɔkpɔkpɔ bubu ƒomevi geɖewo ƒe subɔlawo, vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ŋuʋaʋã me nɔlawo, ame nyɔŋuwo kple amesiwo léa fu wo nɔewo.


bene miazɔ nyuie de amesiwo le egodo la ŋuti, bene naneke nagahiã mi o.


Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me, eye miwo ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo.


elabena míeganye ŋutilãmemewo. Elabena ŋkeke alesi ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ kple mamã le mia dome la, menye ŋutilãmemewo míenye, eye miezɔna le ŋutilã la nu o ɖe?


Tete megblɔ bena: Nusi wɔm miele la, menye o, Esi dukɔ, siwo nye míaƒe futɔwo, le alɔme ɖem le mía ŋu la, ɖe míagbe zɔzɔ le mía Mawu la vɔvɔ̃ mea?


Eye alẽkplɔlawo va tutu wo ɖe megbe. Ke Mose tsi tre xɔ na wo, eye wòna woƒe alẽwo no tsi.


Tete Abraham ƒo nu kple Abimelex le tsivudo, si eƒe dɔlawo xɔ sesẽe la ŋuti.


Eye Kanaan ƒe anyigba keke tso Zidon ɖo ta Gerar kple Gaza, ɖo ta Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim vaseɖe Lasa.


ekema miaɖo ŋu bena: lãnyilawo wò dɔlawo nye tso ɖevime vaseɖe fifi abe mía tɔgbuiwo ke ene, bena wòaɖe mɔ na mi mianɔ Gosen-nyigba la dzi. Elabena Egiptetɔwo nyoa ŋu lãnyilawo.


Bubu wònye na ame, ne wòƒo asa na dzre, ke amesiwo katã dea dzre aƒe la, bometsilawo wonye.


Eye ne aƒe mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema aƒe ma mate ŋu anɔ anyi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite