2 Eye lãwo, klosalo kple sika geɖe le Abram si taŋ.
2 Abram nye kesinɔtɔ gã aɖe: lãwo, klosalo kple sika nɔ esi fũu.
Yehowa yra nye aƒetɔ wòkpɔ nu ŋutɔ, eye wòna alẽwo kple nyiwo, klosalo kple sika, kluviwo kple kosiviwo, kpo-sɔwo kple tedziwoe.
Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.
Eƒe lãwo le ale akpe adre, kposɔ akpe etɔ̃, nyi eveve teƒe alafa atɔ̃ kple tedzinɔ alafa atɔ̃ kpakple dɔla geɖewo fũ. Eye ŋutsu sia ɖo kpo ɖe ɣedzeƒeviwo katã dzi.
ke boŋ ɖo ŋku Yehowa, wò Mawu la dzi, elabena eyae na ŋusẽ wò, be nakpɔ kesinɔnuwo, ne wòawɔ nusi wòbia kple fofowòwo la dzi, abe alesi wòzu egbe siawo ene.
Elabena ŋutilã me veviedodo nyo na nu via ɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.
Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.
Ɖe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya ŋutɔ kple eƒe nuwo katã ŋu godoo oa? Eyra eƒe aƒe kpakple eƒe asinudɔwɔwɔwo, eye eƒe lãhawo gbagba ɖe anyigba dzi.
Yehowa wɔa ahetɔ kple kesinɔtɔ, eyae ƒua ame anyi, eye wògafɔa ame ɖe dzii.
Eye wòwɔ Abram nyuie le eta, eye wotso alẽwo, nyiwo, tedzitsuwo, kluviwo, kosiwo, tedzinɔwo kple kposɔwo nɛ.
Eye anyigba mede wo nu bena, woanɔ wo nɔewo gbɔ o; elabena woƒe kesinɔnuwo sɔ gbɔ akpa, eyata womete ŋu nɔ wo nɔewo gbɔ o.
Eye Abraham tsi xɔ ƒe geɖe, eye Yehowa yra Abraham le nuwo katã me.
Eye ŋutsu la ƒe kesinɔnuwo le dzidzim ɖe dzi ŋutɔ, eye wòkpɔ alẽwo kple gbɔwò, kosiviwo kple kluviwo, kposɔwo kple tedzi geɖewo?
Eye wòkpɔ alẽhawo kple nyihawo hekpe ɖe kluvi geɖewo ŋuti, ale bena Filistitowo ʋã ŋui.