Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 13:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Tete Lot tsa ŋku Yordan-nutowo katã me, eye wòkpɔ bena, tsi li ŋutɔ, elabena Yehowa metsrɔ̃ Sodom kple Gomora haɖe o, ele abe Yehowa ƒe abɔ me ene, eɖi Egipte-nyigba vaseɖe Zoar ke.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Lot lé ŋku ɖe gbadzaƒe si le Yɔdan tɔsisi la gbɔ la ŋu; tsi bɔ ɖe afi ma. Nya sia dzɔ do ŋgɔ na Yehowa ƒe Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃. Teƒe la ɖi Edenbɔ la kple anyigba nyui si ƒo xlã Zoar le Egipte.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 13:10
26 Referans Kwoze  

dziehe gome kple devedu Yerixo ƒe gbadzaƒe nusiwo me vaseɖe Zoar ke.


Elabena Yehowa afa akɔ na Zion, afa akɔ na woƒe aƒedowo katã, awɔ woƒe gbegbe abe Eden ene kple woƒe tagba abe Yehowa ƒe aba ene; vivisese kple dzidzɔ, kafukafuha kple saŋkuƒoƒo anɔ anyi.


Tete Sodom-fia, Gomora-fia, Adma-fia, Zeboyim-fia kple Bela-alo Zoar-fia woho, eye wodze aʋa ɖe Sidim-gbadzaƒe


Dzo le nu ɖum le eŋgɔ, eye dzoƒaɖe le nu fiãm le emegbe; anyigba la le eŋgɔ abe Eɖen-bɔ ene, eye emegbe nye gbegbe ɖeɖe sɔŋ; amea ɖeke masi le enu o.


wova wɔa aʋa kple Bera, Sodom-fia, Birsa, Gomora-fia, Sineab, Adma-fia, Semeber, Zeboyim-fia, kple Bela- alo Zoar-fia.


Ena Mawu ƒe abɔ Eden me, eye wotsɔ kpe xɔasi vovovowo ɖo ŋuwò. Karneol, topas kple yaspis, krisolit, soham kple oniks, safir, ametist kple smaragd; sika wotsɔ ɖo to na wò, eyae wotso do atsiã na wò le gbesigbe wowɔ wò.


Fia la na wokɔ wo ɖe nɔnɔme, si wotsɔ anyi wɔe la me le Yordan-nutowo me le Sukot kple Zartan dome.


Sedertiwo medo vɔvɔli ɖe edzi le Mawu ƒe abɔ me o; sesewu mede eƒe alɔwo nu o, eye xetiwo meɖe alɔ abe eya ene o; ati, siwo katã le Mawu ƒe abɔ me la, menyo de enu o.


Le Xesbon ƒe aƒadodo, si ɖi vaseɖe Eleale kple Yahaz ta wodo ɣli tso Zoar va ke ɖe Xoronayim vaseɖe Eglat etɔ̃lia ke, elabena Nimrim ƒe tsiwo hã amie.


Nye dzi le nu xam ɖe Moab ŋu, eya, si ƒe amewo si de Zoar kple Eglat etɔ̃lia ke; elabena wole avi fam le Luxit-to dzi mɔ la dzi; elabena konyifaɣli le ɖiɖim le wo ŋu le Xoronayim-mɔta.


anyigba wɔnu zu dzeƒee le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.


mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu.


Esi nyɔnu la kpɔ bena, ati la nyo na ɖuɖu, ebiã ŋu na ame, eye wòdzroa ame, eye wònana wodzea nunya la, egbe eƒe tsetsea ɖe heɖu, eye wòna srɔ̃a, si le egbɔ hã woɖu.


Tarax ƒe dzidzimeviwo ŋutinya enye si: Tarax dzi Abram. Naxor kple Haran; eye Haran dzi Lot.


Alo menye anyigba blibo la nye esi le ŋkuwò me oa? De megbe tso gbɔnye dzro! Ne ètia mia me la, matsɔ ɖusi me, eye ne ètia ɖusi me la, matsɔ mia me.


Eye Lot tia Yordan-nutowo me katã na eɖokui, eye Lot ʋu yi ɖe ɣedzeƒe gome; ale nɔvi kple nɔvi dome klã.


Egipte-nyigba la enye si, na bena woano teƒe nyuitɔ, na fofowò kple nɔviwòwo nanɔ Gosen-nyigba la dzi Eye ne ekpa bena, ame zãzɛwo le wo dome la, ekema natsɔ nye lãhawo ade wo si.


Kpɔ ɖa, ne tɔsisi ɖe ati ʋɔ me la, dzika metsoa eƒo o, eye ne Yordan le ƒoƒom ɖe nuti ŋu nɛ hã, enɔa anyi bɔkɔɔ.


Dawòe nye Samaria hekpe ɖe vianyɔnu, siwo le wò mia me la ŋu, eye wò tsɛ nye Sodom hekpe ɖe vianyɔnu, siwo le wò ɖusi me la ŋu.


Kpɔ ɖa, nɔviwònyɔnu Sodom ƒe vodada enye: Dàda kple nuɖuɖu fũ, eye eya kple nɔvianyɔnuwo nɔ agbe vivi bɔkɔɔ; ke mekpe ɖe ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu o.


Mewɔe wònyo le eƒe alɔ gbogboawo la, ale be Eden-ti, siwo katã le Mawu ƒe abɔ me la, le ŋu ʋãmi.


Ɣedzeƒe gome enye si: Yordan nanye liƒo le Xauran kple Damasko, Gilead kple Israel-nyigba dome; midzidzee tso liƒo kemea ŋu vaseɖe atsiaƒu la nu le ɣedzeƒe gome; esia nye ɣedzeƒekpa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite