Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 12:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye wòʋu tso afima yi ɖe to dzi le Betel ƒe ɣedzeƒe, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖi; eɖe Betel ɖe ɣetoɖoƒe kple Ai ɖe ɣedzeƒe, eye wòɖi vɔsamlekpui na Yehowa heyɔ Yehowa ŋkɔ le afima.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Le esia megbe la, Abram dzo le afi sia, eye wòɖo ta anyigbeme lɔƒo, heyi tonyigba si le Betel le ɣetoɖoƒe kple Ai le ɣedzeƒe la dome. Etu agbadɔ kple vɔsamlekpui ɖe afi sia, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 12:8
33 Referans Kwoze  

Benyamin-viwo dze yome tso Geba le Mixmas, Aya, Betel kple eƒe kɔƒewo


Eye wodzi ŋutsuvi na Set hã, eye wòna ŋkɔe bena Enos. Le ɣemaɣi me la wode asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me.


Eye Abraham do atiwo ɖe Beer-Seba, eye wòyɔ Yehowa Mawu, si le agbe tegbee la ƒe ŋkɔ dzi le afima.


woŋlɔ ɖo ɖe Mawu ƒe hame, si le Korinto la, amesiwo wowɔ kokoe le Kristo Yesu me, tame kokoe, siwo woyɔ kple amesiwo katã yɔa mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi le afisiafi le wo gbɔ kple mía gbɔ la:


Eye wòna ŋkɔ teƒe ma bena: Betel; ke tsã la woyɔnɛ be Lus.


afisi wòɖi vɔsamlekpui ɖo gbã. Eye Abram yɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le afima.


Eye wòava me bena, amesiame, si ke ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, woaɖee.“


Eva dze Ayat dzi, eto Migron, eye wòva gblẽ eƒe nuwo ɖe Mixmas.


Tete meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be: Oo Yehowa, ɖe nye luʋɔ!


Bet-Araba, Zemarayim, Betel,


Eye ŋutsua ɖeke mele Ai kple Betel, si medo go heti Israel yome o, eye wogblẽ du la ɖe nuvo henyã Israel ɖe nu.


Tete Yosua kple aʋawɔlawo katã ho, be wòayi Ai. Eye Yosua tia kalẽtɔ akpe blaetɔ̃, eye wòdɔ wo ɖa le zã me,


Eye Yosua dɔ ŋutsuwo tso Yerixo ɖo ɖe Ai, si le Bet-Awen gbɔ, le Betel ƒe ɣedzeƒe gome hegblɔ na wo bena: Miyi ɖatsa ŋku le nuto la me! Tete ŋutsuawo yi ɖatsa ŋku le Ai,


eye míaʋu ayi Betel, bena maɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Mawu, si ɖo tom, esi mele xaxa me, eye wònɔ anyi kplim le nye mɔzɔzɔ me la!


Le xɔse me wònye amedzro le ŋugbedodonyigba dzi abe dzronyigba ene, eye eya kple Isak kpakple Yakob, amesiwo nye ŋugbedodo kema ke ƒe hadomenyilawo la, wonɔ agbadɔwo me;


Tete Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòtsɔ lã matsrimatsriwo kple xe matsrimatsriwo ƒe ɖewo na Yehowa hemè wo le vɔsamlekpui la dzi.


Eye wòzɔ tso dziehe gome vaseɖe Betel, vaseɖe teƒe, si wòtu eƒe agbadɔ ɖo tsã, le Betel kple Ai dome,


Eye Abram le eƒe agbadɔ hom le tutum, le ŋgɔgbe yimii, eye wòva nɔ Mamre ƒe ati gã gbɔ le Xebron-nutowo me, eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.


Esi woɖo teƒe, si Mawu gblɔ nɛ la, Abraham ɖi vɔsamlekpui, eye wòtɔ nakeawo ɖo edzi; emegbe la ebla via Isak, eye wòkɔe mlɔ nake, siwo le vɔsamlekpuia dzi la dzi.


Tete wòɖi vɔsamlekpui heyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ dzi le afima, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖe afima. Emegbe Isak fe dɔlawo ɖe vudo ɖe afima hã.


Esi Yosua dɔ wo ɖa la, woyi ɖade xa ɖe Betel kple Ai dome, le Ai ƒe ɣetoɖoƒe gome, ke Yosua tsi dukɔ la dome dɔ le zã ma me.


Eye wòɖe ŋutsu akpe atɔ̃, be woade xa ɖe Betel kple Ai dome le du la ƒe ɣetoɖoƒe gome;


Eɖoe ɖe amesiwo le Betel, amesiwo le Ramot le dziehe kple amesiwo le Yatir;


Eye Laban va tu Yakob; eye Yakob tu eƒe agbadɔ ɖe to la dzi, ke Laban kple nɔviawo tu wo tɔ ɖe Gilead-to la dzi.


Eye wòɖi vɔsamlekpui ete afima, eye wòna ŋkɔe bena: „Mawu, si enye Israel ƒe Mawu“.


Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima, eye wòyɔ teƒe la be „Betel ƒe Mawu“, elabena afima Mawu ɖe eɖokui fiae le, esime wòsi le nɔvia nu.


Eye Mose ɖi vɔsamlekpui, eye wòna ŋkɔe be: Yehowa nye aflaga.


Ɣemaɣi Yosua ɖi vɔsamlekpui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ɖe Ebal-to dzi;


Eye esi wova ɖo Yordan-nutowo me le Kanaan-nyigba dzi la, Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-to afã la ɖi vɔsamlekpui gã nyuia ɖe ɖe Yordan nu afima.


Eye Gideon ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afima, eye wòna ŋkɔe bena: Yehowae nye ŋutifafa. Ele Abiesritɔwo ƒe Ofra vaseɖe egbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite