Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 12:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Abram kplɔ srɔ̃a Sarai, kple tɔgãyɔvia Lot, eye wotsɔ woƒe kesinɔnuwo katã kple amesiwo katã wokpɔ le Xaran la, eye woʋu, be wòayi Kanaan-nyigba dzi, eye wova Kanaan-nyigba la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Ekplɔ srɔ̃a, Sarai kple eƒe tɔgãyɔvi Lot ɖe asi, eye wòtsɔ kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Haran, nyiwo kple kluviwo siaa dzoe heyi Kanaan.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 12:5
13 Referans Kwoze  

Azɔ esi Abram se bena, woɖe aboyo nɔvia la, eɖe eƒemevi alafa etɔ̃ kple wuienyi, amesiwo nya aʋawɔwɔ la, eye wòti wo yome vaseɖe Dan.


Eye Tarax ʋu kple via Abram kple tɔgbuiyɔvia Lot, si nye Haran vi, hekpe ɖe Sarai, via Abram srɔ̃ ŋuti tso Ur le Kaldea, bene wòayi Kanaan-nyigba dzi Ke esi wova Xaran la, wònɔ afima.


Tete la esi wòdo go tso Kaldea-nyigba dzi la, eva nɔ Xaran; le fofoa ƒe ku megbe la ena wòʋu va anyigba sia, si dzi miele azɔ la dzi;


Eye Sodom-fia gblɔ na Abram bena: Tsɔ ameawo nam, ne kesinɔnuawo nasusɔ na wò!


Eye Kanaan ƒe anyigba keke tso Zidon ɖo ta Gerar kple Gaza, ɖo ta Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim vaseɖe Lasa.


Ke Lot, amesi ʋu kple Abram hã, kpɔ alẽwo, nyiwo kple agbadɔwo.


Eye anyigba mede wo nu bena, woanɔ wo nɔewo gbɔ o; elabena woƒe kesinɔnuwo sɔ gbɔ akpa, eyata womete ŋu nɔ wo nɔewo gbɔ o.


Ke Yakob dze mɔ tso Beer-Seba heyina Xaran.


Eye Esau kplu srɔ̃awo, viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo kple eƒe kluvi, siwo katã le eƒe me, kple eƒe lãhawo kple eƒe dɔwɔlãwo katã kpe ɖe eƒe kesinɔnu, siwo katã wòkpɔ le Kanaan-nyigba dzi la ŋuti, eye woʋu le nɔvia Yakob gbɔ heyi ɖe Seir-nyigba dzi.


Ne nunɔla ƒle amea ɖe kple ga la, ekema ame la kpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la, eye amesi wodzi ɖe eƒe me hã kpɔ mɔ aɖu eƒe nuɖuɖu la.


Tarax ƒe dzidzimeviwo ŋutinya enye si: Tarax dzi Abram. Naxor kple Haran; eye Haran dzi Lot.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite