Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 12:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Farao yɔ Abram ve gblɔ ne bena; Nuka enye si nèwɔ ɖe ŋunye; nukaŋuti megblɔe nam bena, ye srɔ̃e wònye o mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Ale Farao yɔ Abram va eɖokui gbɔ, eye wòka mo nɛ gblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe ŋunye? Nu ka ta mègblɔ nam be ye srɔ̃e o ɖo?

Gade chapit la Kopi




1 Mose 12:18
15 Referans Kwoze  

Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me; afisi wòlɔ̃ la, eya wòkplɔnɛ yinae.


Eye Saul gblɔ na Yonatan bena: Gblɔe nam, nuka nèwɔ? Yonatan gblɔ ne bena: Metsɔ atikplɔ, si le asinye la nu ɖɔ anyitsi viaɖe kpɔ. Nyee nye si, maku!


Tete Yosua gblɔ na Axan bena: Vinye, de bubu Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, eye na woakafui! Gblɔe nam dzro, nuka gɔ̃ nèwɔ? Megada alakpa nam o!


Eye Mose gblɔ; na Aron bena: Nuka dukɔ sia wɔ wò, bena nèhe vɔ gã sia va wo dzi ale?


Yosef gblɔ na wo bena: Nuka enye si miewɔ? Ɖe mienyae bena, amegã menye, eye mekaa nu o mahã?


Tete Laban gblɔ na Yakob bena: Nuka nye esi nèwɔ, eye nèblem hekplɔ vinyenyɔnuwo dzoe abe aboyomewo ene?


Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka enye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu, si nèkɔ ɖe anyi la ƒe gbe le ɖiɖim tso anyigba dzi mese!


Eye Yehowa Mawu gblɔ na nyɔnua bena: Nukaŋuti nèwɔ alea? Nyɔnu la ɖo ŋu ne be: Da lae blem, eye meɖui.


Nukaŋuti nègblɔ bena, ye nɔvinyɔnue, eye mena wòzu srɔ̃nye mahã? Ke azɔ kpɔ ɖa, meɖe asi le srɔ̃wò ŋuti na wò, kplɔe yii!


Ke le zã me la Mawu va Abimelex gbɔ le ɖrɔ̃eƒe gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, àku kokoko le nyɔnu, si nèxɔ la ta, elabena ame srɔ̃e.


Ke esi ŋu ke la, ekpɔ be, Lea ye. Eye wògblɔ na Laban bena: Nuka enye si nèwɔ ɖe ŋunye? Alo menye Raxel ta mesubɔ wò ɖo oa? Nukaŋuti nèblema?


migabia nu kple anyigba sia dzitɔwo o, eye migbã woƒe vɔsamlekpuiwo! Gake mieɖo to nye gbe o. Nukaŋuti miewɔ alea ɖo?


Tete Yoab va fia la gbɔ gblɔ bena: Nuka nye esi nèwu? Kpɔ ɖa, Abner va gbɔwò; nukaŋuti nèɖoe ɖa wodzo?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite