Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 12:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye do to le anyigba la dzi. Eye Abram yi ɖe Egipte, be wòa nye amedzro le afima; elabena dɔa nu sẽ ŋutɔ le anyigba la dzi?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Dɔwuame sesẽ aɖe nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi, ale Abram yi be yeanɔ Egipte.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 12:10
21 Referans Kwoze  

Ke dɔwuame la nu sẽ ŋutɔ le anyigba la dzi.


hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


Eye dɔwuame va Egipte kple Kanaan-nyigba blibo la katã dzi kple xaxa gãa ɖe, eye mía fofowo mekpe nuɖuɖu o.


Esiawo megblɔ na mi, bena míakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.


Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya le kuɖiɖi ta:


anyigba wɔnu zu dzeƒee le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.


eye woho tso dukɔ gbɔ yi dukɔ gbɔ, tso fiaɖuƒe gbɔ yi dukɔ bubu gbɔ la,


Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu le gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.


Eye dɔ gãa ɖe to le Samaria; kpɔ da, wode to ɖee, vaseɖe esime tedzita ɖeka xɔ klosalo sekel blanyi, eye ahɔnemi kab eneliawo ɖeka xɔ klosalo sekel atɔ̃.


Emegbe Elisa gbugbɔ va Gilgal. Eye dɔ to le anyigba dzi, eye nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo bɔbɔ nɔ eŋku me. Tete wògblɔ na eƒe ɖekakpui bena: Ɖo ze gã dzoe, ne naɖa nu na nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viawo.


Eye do to le Dawid ŋɔli ƒe etɔ̃ sɔŋ Ira ɖe enu; eye Dawid do gbe ɖa na Yehowa. Tete Yehowa gblɔ bena: Saul kple eƒe aƒe la ɖe hlɔ̃fe, elabena ewu Gibeontɔwo.


Le ɣeyiɣi, siwo me ʋɔnudrɔ̃lawo le dziɖum la, dɔ va anyigba la dzi. Eye ŋutsua ɖe kple srɔ̃a kpakple viaŋutsu eveawoʋu tso Betlexem-Yuda, bena woaɖanɔ Moab-nyigba dzi.


Ke nuɖuɖua ɖeke megale anyigba blibo la dzi o, elabena dɔ la nu sẽ ŋutɔ, eye dɔwuame na Egipte kple Kanaan-nyigba dzi ƒu.


Tete Israel ƒe viwo kple ame bubuwo va bli ƒle ge, elabena dɔ to le Kanaan-nyigba dzi.


Eye amewo tso afiawo katã va Egipte, be woaƒle bli le Yosef gbɔ, elabena dɔ la nu sẽ ŋutɔ le afisiafi.


Eye esi ɖɔ to le afiawo katã la, Yosef ʋu blivawo katã, eye wòdzra blia na Egiptetɔwo. Eye dɔ la nu le sesẽm ɖe dzi le Egipte-nyigba la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite