Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 11:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Eye Tarax ʋu kple via Abram kple tɔgbuiyɔvia Lot, si nye Haran vi, hekpe ɖe Sarai, via Abram srɔ̃ ŋuti tso Ur le Kaldea, bene wòayi Kanaan-nyigba dzi Ke esi wova Xaran la, wònɔ afima.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Tera kplɔ via Abram, eƒe tɔgbuiyɔvi Lot, ame si nye Haran ƒe vi la kple via Abram srɔ̃, Sarai, eye wodzo le Ur le Kaldea be yewoayi Kanaanyigba dzi. Ke wotɔ, eye wotso kɔƒe ɖe Haran.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 11:31
20 Referans Kwoze  

Wòe nye Yehowa Mawu, amesi tia Abram, eye nẽkplɔe tso Ur-Kaldea hetsɔ ŋkɔ ne be Abraham.


Tete dɔla la ɖe kposɔ ewo tso eƒe aƒetɔ ƒe kposɔwo dome, eye wotsɔ eƒe aƒetɔ ƒe nu vevi vovovowo ɖe asi, eye wòdze mɔ heyi Mesopotamia, ɖe Naxor ƒe ɖu la me.


Tete Abram ʋu, abe alesi Yehowa gblɔ nɛ ene, eye Lot hã yi kplii. Abram xɔ ƒe blaadre vo atɔ̃, esime wòʋu tso Xaran.


Eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Yehowa, si kplɔ wò tso Ur le Kaldea, bena matsɔ anyigba sia na wò, ne wòanye wò domenyinu.


Eye Tarax ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa eve kple atɔ̃, eye Tarax ku le Xaran.


Eye Kanaan ƒe anyigba keke tso Zidon ɖo ta Gerar kple Gaza, ɖo ta Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim vaseɖe Lasa.


Le xɔse me Abraham ɖo to, esime wòyɔe be, wòado go ayi ɖe afisi wòava xɔ wòanye eƒe domenyinyi la, eye wòdo go; gake menya afisi yim wòle o.


Eyata vinye, ɖo to nye gbe! Tso, eye nasi ayi ɖe nɔvinye Laban gbɔ le Xaran!


Ke esi mekpɔ ɖe nu le nya la me o la, kpɔ ɖa, Abraham nɔvi Naxor srɔ̃ Milka vi, Betuel ƒe vinyɔnuvi Rebeka lé ze ɖe abɔta va tsi du ge.


Eye Abram kplɔ srɔ̃a Sarai, kple tɔgãyɔvia Lot, eye wotsɔ woƒe kesinɔnuwo katã kple amesiwo katã wokpɔ le Xaran la, eye woʋu, be wòayi Kanaan-nyigba dzi, eye wova Kanaan-nyigba la dzi.


Ɖe dukɔ, siwo fofonyewo tsrɔ̃: Gozan, Xaran, Rezef kple Eden-viwo, siwo le Telasar la ƒe mawuwo ɖe woa?


Esi mekpɔ ɖe nu le eme o le ame bubu va gblɔ bena: Kalɖeatɔwo dze aʋalɔgo etɔ̃ va dze kposɔawo dzi, wole wo, eye wowu ɖɔlaawo kple yi, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ, be mava gblɔe na wò.


De dukɔ, siwo fofonyewo tsrɔ̃: Gozan, Xaran, Rezef kple Eden-viwo, siwo le Telasar la ƒe mawuwo ɖe woa?


Eye wole Lot, Abram ƒe tɔgãyovi, amesi nɔ Sodom hã, eye woha eƒe kesinɔnuwo dzoe.


Ke Yakob dze mɔ tso Beer-Seba heyina Xaran.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite