Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 10:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Amesiawo me dukɔ, siwo nɔa ƒukpowo dzi la, dzɔ tso. Esiawo nye Yafet viŋutsuwo le woƒe anyigbawo, woƒe gbe vovovowo, woƒe ƒomewo kple woƒe dukɔwo nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 (Woƒe dzidzimeviwo va zu ƒutadukɔwo le anyigba vovovowo dzi, eye woƒe gbegbɔgblɔwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ.)

Gade chapit la Kopi




1 Mose 10:5
26 Referans Kwoze  

Yehowa anye ame dziŋɔ anɔ wo nu, elabena ana legbawo katã nu nayi le anyigba dzi, eye dukɔwo ƒe ƒukpowo katã aɖo gbe ɖa na, amesiame le enɔƒe.


Miyi Kititɔwo ƒe ƒukpowo dzi, eye mikpɔ nu; miɖo ame ɖe Kedar, eye mido ŋku anyi nyuie, ne miakpɔ be, esia tɔgbe dzɔ kpɔ mahã?


na Tiro-fiawo katã, Zidon-fiawo katã kple ƒukpowo dzi fia, siwo le atsiaƒu ƒe go keme;


Ɖeɖi mate eŋu o, eye eƒe lãme matu o, vaseɖe esime wòaɖo ɖoɖo la anyigba dzi, ƒukpowo le mɔ kpɔm na eƒe nufiame.


Esiawo nye Xam-viwo le woƒe ƒomewo, gbewo, anyigbawo kple woƒe dukɔwo nu.


Nyee ƒukpowo le mɔ kpɔm na, eye Tarsis-ƒukpowo ɖo ŋgɔ, be woakplɔ viwòwo tso didiƒe vɛ; wohe woƒe klosalo kple sika ɖe asi hena Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ, hena Israel ƒe kɔkɔetɔ la, elabena eɖo atsyɔ̃ na wò.


Aɖo eteƒe ɖe nuwɔwɔwo nu: eƒe ketɔwo to enye dziku, teƒeɖoɖo enye eƒe futɔwo tɔ, eye wòaɖo ƒukpowo ƒe nuwɔwɔwo teƒe na wo.


Nye dzɔdzɔenyenye tu aƒe, nye xɔname ado, eye nye alɔwo adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo; ƒukpowo le mɔ kpɔm nam, eye wole nye alɔ si nu dzɔm.


Mi ƒukpowo, miɖo tom, mi adzɔge dukɔwo, miƒu to anyi! Yehowa yɔm tso dɔ me ke, eye wòyɔ ŋkɔnye tso danye ƒe do me ke.


Mi amesiwo toa atsiaƒu dzi, kple atsiaƒu me nuwo, mi ƒukpowo kple wo dzi nɔlawo, midzi ha yeye na Yehowa, miɖe gbe ƒã eƒe kafukafu tso anyigba ƒe mlɔenu!


Ƒukpowo kpɔe, eye dzidzi ƒo wo, anyigba ƒe mlɔenuwo dzo nyanyanya; woƒo ta kpli heva.


Kpɔ ɖa, dukɔwo le abe tsi toŋtoŋ le ze ŋu ene, wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu ŋu ene; kpɔ ɖa, edo ƒukpowo abe kekui ko ene!


Eyata mikafu Yehowa le ɣedzeƒe kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ le ƒukpowo dzi!


Tarsis-fiawo kple ƒukpowo dzi fiawo atsa nunanawo vɛ, Saba-fiawo kple Seba-fiawo axe nudzɔdzɔ.


Eye wodzi ŋutsuvi eve na Eber. Gbãtɔ ŋkɔ nye Peleg; elabena amegbetɔwo mã le eƒe ŋɔli me, eye nɔvia ŋkɔ nye Yoktan.


Yawan viŋutsu wo nye: Elisa, Tarsis, Kititowo kple Dodanitɔwo.


Xam viŋutsuwo nye: Kus, Mizrayim, Put kple Kanaan.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Tiro ŋu enye si: Ne amesiwo woda nui, le ŋeŋem, eye wowu amewo le mewo la, wò anyidzedze ƒe didi ana ƒukpowo nadzo kpekpekpe.


Azɔ ƒukpowo le dzodzom kpekpekpe le wò anyidzegbe, eye dzidzi ƒo ƒukpowo le atsiaƒu me le wò nuwuwu la.


Atrɔ ɖe ƒukpewo ŋu, eye wòaxɔ geɖewo; ke aʋafiaa ɖe atsi eƒe vloɖoame la nu, eye magado vloe azɔ o.


Noa viŋutsu etɔ̃ siawo me amegbetɔwo katã dzo tso hekaka ɖe anyigba blibo la katã dzi.


Esia nye Noa viŋutsuwo ƒe ƒomewo le woƒe dzidzimewo kple woƒe dukɔwo nu, eye woawo me anyigba dzi dukɔwo dzɔ tso le tsiɖɔɖɔ la megbe.


Esi dziƒoʋitɔ ma anyigba na dukɔwo, eye wòkaka ame gbetɔviwo me la, eɖo liƒo na dukɔwo, ɖe alesi Israel-viwo sɔ gbɔe nu.


Fia Axasweros ɖo nuɖzɔɖzɔ na anyigba la kple atsiaƒu me ƒukpowo.


Eye woava me le ɣemaɣi be, Aƒetɔ la ado eƒe asi ɖa zi evelia, ne wòaxɔ eƒe dukɔ mamlea, si kpɔtɔ ɖi la, aƒle tso Asur, Egipte, Patros, Kus, Elam, Sinear, Xamat kple atsiaƒu me ƒukpowo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite