Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 10:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Sem viŋutsuwo nye: Elam, Asur, Arpaxsad, Lud kple Aram.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Elam, Asur, Arfaxad, Lud kple Aram.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 10:22
19 Referans Kwoze  

Mawɔ dzesi ɖe wo ŋu, eye maɖo ame sisiwo ɖa tso wo dome ɖe dukɔwo, ɖe Tarsis, Pul kple Lud, amesiwo nye aŋutrɔdalawo, ɖe Tubal kple Yawan kpakple ɖe didiƒe ƒukpowo, amesiwo mese ŋkɔnye o, eye womekpɔ nye ŋutikɔkɔe o la gbɔ, eye woaɖe gbe ƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome;


Partiatɔwo kple Mediatɔwo, Elamtɔwo kple amesiwo nɔa Mesopotamia, Yudea kple Kapadokia, Ponto kple Asia,


na Zimri-fiawo katã, Elam-fiawo katã kple Media-fiawo katã;


Elam kpla daku, eye tasiaɖam, siwo ame ya, kple sodolawo kpe ɖe eŋu; Kir klo nu le akpoxɔnu ŋu.


Ŋutega sesẽa ɖe woɖe fiãm be: Amegɔmezɔla, zɔ ame gɔme; adzoblasu, ha nu! Elam, ho va; Media, ɖe to ɖe ŋu! Matsi eƒe hũɖeɖewo katã nu.


Eye woava me le ɣemaɣi be, Aƒetɔ la ado eƒe asi ɖa zi evelia, ne wòaxɔ eƒe dukɔ mamlea, si kpɔtɔ ɖi la, aƒle tso Asur, Egipte, Patros, Kus, Elam, Sinear, Xamat kple atsiaƒu me ƒukpowo dzi.


Esi mekpɔ ɖe nu le eme o le ame bubu va gblɔ bena: Kalɖeatɔwo dze aʋalɔgo etɔ̃ va dze kposɔawo dzi, wole wo, eye wowu ɖɔlaawo kple yi, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ, be mava gblɔe na wò.


Eŋɔli Asur-fia Pul va dze anyigba la dzi, eye Menaxem tsa klosalo talento akpe ɖeka na Pul, be woakpe ɖe ye ŋu, ne fiaɖuɖu la nali ke ɖe ye si me.


Eye wòdo eƒe numegbe la hegblɔ bena: Balak kplɔm tso Aram, ɣedzeƒetɔwo dzi Moab-fia kplɔm tsoe be: Va naƒo fi de Yakob nam, eye va nado ɖiŋu na Israel nam!


Eye wògagblɔbena: Woakafu Yehowa, Sem ƒe Mawu; eye Kanaan anye kluvi na wo!


amesi nye Kainan vi, amesi nye Arfaksad vi, amesi nye Sem vi, amesi nye Noa vi, amesi nye Lamex vi,


Eye wodzi ŋutsuwo na Sem, amesi nye Eber-viwo katã tɔgbui kple Yafet nɔvi xoxoetɔ.


Esia nye Sem ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. Esime Sem xa ƒe alafa ɖeka la, edzi Arpaxsad, le ƒe evelia me le tsiɖɔɖɔ la megbe.


Ke woatsrɔ̃ wò Kain ya, eye ekpɔtɔ vie, Asur naɖe aboyo wò.


Elam le afima, eye eƒe amehawo katã ɖe to ɖe eƒe yɔdo, ame tsiaʋawo sɔŋ wonye, eye wotsi yi nu, wonye bolotɔwo yi tsieƒe, woawoe de ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe de aʋli me yilawo ŋu.


Menɔ ŋutega la me yi Susan-mɔ̃, si le Elam-nyigba dzi la me, eye wòwɔ nam le ŋutega me abe Ulai-tɔsisi la to mele ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite