Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 10:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye Kanaan ƒe anyigba keke tso Zidon ɖo ta Gerar kple Gaza, ɖo ta Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim vaseɖe Lasa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 tso Sidon yi Gerar va Gaza, Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa.)

Gade chapit la Kopi




1 Mose 10:19
29 Referans Kwoze  

wova wɔa aʋa kple Bera, Sodom-fia, Birsa, Gomora-fia, Sineab, Adma-fia, Semeber, Zeboyim-fia, kple Bela- alo Zoar-fia.


Efrayim, aleke matsɔ wo ana, eye matsa wò Israel ade asi? Aleke mawɔ wò abe Adma ene, eye mawɔ wò abe Zeboim ene? Nye dzi trɔ le menye, eye nye nublanuikpɔkpɔ le fiefiẽm wlɔwlɔwlɔ!


na dukɔ tsakatsaka blibo la, Uz-nyigba dzi fiawo katã, Filistitɔwo ƒe anyigba dzi fiawo katã, Askalon, Gaza, Ekron kple Asdod ƒe ame mamleawo;


Tete Simeon yi Gaza, eye wòkpɔ gboloa ɖe le afima heyi egbɔ.


Esi dziƒoʋitɔ ma anyigba na dukɔwo, eye wòkaka ame gbetɔviwo me la, eɖo liƒo na dukɔwo, ɖe alesi Israel-viwo sɔ gbɔe nu.


Ke do to le anyigba la dzi, abe alesi wòto le Abraham ŋɔli ene; tete Isak ʋu yi ɖe Filistitowo ƒe fia Abimelex gbɔ le Gerar.


Eye Abraham ʋu le afima yi ɖe dziehenyigba dzi heva nɔ Kades kple Sur dome, eye wònɔ Gerar vie?


Tete Yehowa gblɔ bena: Dodo ɖe Sodom kple Gomora ta sɔ gbɔ akpa, eye woƒe dzidadawo tso me akpa.


Ke Aƒetɔ ƒe dɔlaa ɖe ƒo nu na Filipo gblɔ bena: Tsi tre, eye nayi dziehe gome, ɖe mo, si tso Yerusalem yina Gaza, si nye gbedzimɔ la dzi.


Arwatitɔwo, Zemaritɔwo kple Xamatitɔwo; emegbe Kanaan ƒe ƒome va keke ta ɖe dzi.


Esiawo nye Xam-viwo le woƒe ƒomewo, gbewo, anyigbawo kple woƒe dukɔwo nu.


Nenem me siawo katã bla nu va Sidim-gbadzaƒe, afisi Dzeƒu le azɔ.


va to Ebron, Rexob, Xamon kple Kana vaseɖe Zidon, ɖu gã la gbɔ.


Wòsi du, siwo katã le Gerar ŋu godoo; elabena Yehowa ƒe vɔvɔ̃ dze wo dzi; eye woha duawo katã, elabena nu geɖe le wo me.


Zidon, ŋu nekpe wò, elabena atsiaƒu, atsiaƒu ƒe mɔ̃ sesẽ gblɔ be: Fu meɖum o, nyemedzi vi o, eye nyemenyi ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo wotsi o.


Yehowa ƒe gbe, si va na nyagblɔɖila Yeremya ɖe Filistitɔwo ŋu, hafi Farao nava si Gaza, enye si;


Amevi, trɔ ŋgɔ de Zidon, eye nagblɔ nya ɖi ɖe eŋu


Eye Kaftoritɔwo tso Kaftor heva tsrɔ̃ Awitɔwo, amesiwo nɔ kɔƒekɔƒewo me vaseɖe Gaza, eye wònɔ wo teƒe.


eye woƒua asaɖa ɖe wo ŋu hegblẽa agblemenuawo vaseɖe Gaza ke, womekpɔa nuɖuɖua ɖeke, ale, nyi alo tedzi ɖe Israel o;


Aʋalɔgo evelia trɔ to Bet-Xoron-mɔ, eye aʋalɔgo etɔ̃lia trɔ to liƒo, si ho gɔ̃ ɖe Zeboim-bali me ɖo ta gbedzi la gbɔ mɔ.


Eye Asa kple aʋakɔ, si le eŋu la, ti wo yome vaseɖe Gerar, eye Kusitɔwo tsi aʋa, ale be wo dometɔa ɖeke metsi agbe o; elabena wotsrɔ̃ le Yehowa kple eƒe aʋakɔ la ŋgɔ. Eye woha nu geɖe ŋutɔ.


ne nakplɔ wo ayi woƒe liƒo dzii, eye nanya woƒe aƒe gbɔ mɔa?


Edo eƒe alo ɖe atsiaƒu ŋu, eʋuʋu fiaɖuƒewo, Yehowa de se ɖe Kanaan ŋu, ne wòatsrɔ̃ eƒe mɔ̃ sesẽwo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite