Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 10:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye Kanaan dzi Zidon, eƒe ŋgɔgbevi, kple Xet,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 10:15
18 Referans Kwoze  

Dzra se, siwo maɖe na wò egbe la ɖo. Kpɔ ɖa, manyã Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le ŋgɔwò.


Kanaan dzi Zidon, amesi nye ŋgɔgbea kple Xet,


Eye Abraham tso le ame kuku la gbɔ, eye wòƒo nu kple Xitiviwo bena:


Zidon, ŋu nekpe wò, elabena atsiaƒu, atsiaƒu ƒe mɔ̃ sesẽ gblɔ be: Fu meɖum o, nyemedzi vi o, eye nyemenyi ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo wotsi o.


Tete Dawid do woyi ɖabia nyɔnu la gome se, eye wogblɔ bena: Eya nye Eliam ƒe vinyɔnu Bat-Seba, Uriya, Xititɔ la srɔ̃!


Eye Yehowa tsɔ wo de asi na Israel, ale be wosi wo henyã wo ɖe nu vaseɖe Zidon, du gã la me, vaseɖe Misrefot-Mayim kple Mizpa-bali la me le ɣedzeƒe gome, eye wosi wo, vaseɖe esime amea ɖeke mekpɔtɔ o.


Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.


Zebulon anɔ ƒutanyigbawo dzi le ʋudzeƒewo, eye eƒe liƒo ade Zidon ke.


eye nata Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la nam be, maɖe srɔ̃ na vinye atso Kanaantɔ, siwo dome mele la ƒe nyɔnuviwo dome o;


le ŋkeke, si gbɔna la ta, be woagblẽ Filistitowo katã, eye woatsrɔ̃ Tiro kple Sidon ƒe xɔnametɔ susɔeawo; elabena Yehowa le Filistitɔ, siwo kpɔtɔ ɖe Kaftor-ƒukpo dzi la gblẽ ge.


Amevi, trɔ ŋgɔ de Zidon, eye nagblɔ nya ɖi ɖe eŋu


Tete Dawid xɔ edzi gblɔ na Xititɔ Aximelex kple Abisai, Yoab nɔvi, Zeruya vi bena: Amekae ayi Saul gbɔ le asaɖa me kplim? Abisai ɖo ŋu bena: Mayi kpli wò!


Wòto Gilead heva Kades le Xititɔwo ƒe anyigba dzi, eye wova Dan hetrɔ ɖo ta Zidon.


Zidonitɔwo kple Arwadtɔwo nye wo ʋukulawo; Tiro, wò ame nyanu, siwo nɔ mewo la, nye wò kuɖɔɖolawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite