Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 10:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eƒe fiaɖuƒe ƒe gɔmeɖoɖo enye Babel, Erek, Akad kple Kalne le Sinear-nyigba dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Eɖu Babel, Erek, Akad kple Kalne si nɔ Sinarnyigba la dzi gbã.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 10:10
16 Referans Kwoze  

Eyata woyɔnɛ bena Babel, le esi Yehowa tɔtɔ amegbetɔwo katã ƒe gbe le afima, eye Yehowa na wokaka tso afima ɖe anyigba blibo la katã dzi ta.


Eye wòva me bena, esi wodze mo ɖo ta ɣedzeƒe gome la, wokpɔ gbadzaƒea ɖe le Sinear-nyigba dzi, eye wonɔ afima.


Zion-nyɔnuvi; ƒo togotogoe nalé ku abe uyɔnu, si le vi ɖzim la ene! Elabena ele na wò be, naʋu le ɖua me aɖanɔ gbedadaƒo, eye naɖe Babel ke; afima woaɖe wò le, eye afima Yehowa axɔ wò le wò fu-tɔwo si me le.


Eye wòva me le ŋkeke mawo me bena, Amrafel, Sinear-fia, Ariok, Elasar-fia, Kedorlaomer, Elam-fia kple Tideal, Goyim-fia,


Eɖo ŋu nam bena: Ɖe wobe, yewoatu xɔ nɛ ɖe Sinear-nyigba dzi, eye ne wotui vɔ la, woatsɔe adre ɖe enɔƒe le afima.


Yakob ƒe ame mamleawo anɔ ɖukɔ geɖewo dome, abe Yehowa ƒe zãmu kple tsiɖzadza ɖe gbe dzi, si mekpɔa amea ɖeke sinu o, eye melalaa amegbelɔvia ɖeke o la ene.


Miyi Kalne, eye milé ŋku ɖe anyi, mitɔ edzi tso afima yi Xamat-gã, eye mihoe ɖe dzi yi Filistitɔwo ƒe Gat be, ɖe eme nyo na wo wu fiaɖuƒe siawo tɔ loo, alo woƒe anyigba lolo wu mia tɔa?


Yehowa be: Ho ɖe aglãdzela vivivowo ƒe anyigba kple toheheviwo ŋu, wu ame, eye natsrɔ̃ woƒe susɔeawo gbidigbidi, eye nawɔ nusiwo katã ŋu mede se na wò le la.


Ɣemaɣi Babel-fia Merodax-Baladan, Baladan vi, ɖo agbalẽ kple nunanawo ɖe Xizkiya, esime wose be, elé dɔ wòvɔ nɛ.


Eye woava me le ɣemaɣi be, Aƒetɔ la ado eƒe asi ɖa zi evelia, ne wòaxɔ eƒe dukɔ mamlea, si kpɔtɔ ɖi la, aƒle tso Asur, Egipte, Patros, Kus, Elam, Sinear, Xamat kple atsiaƒu me ƒukpowo dzi.


Ɖe meva me na Kalno abe Karkemis ene, Xamat abe Arpad ene, Samaria abe Damasko ene oa?


Eye Aƒetɔ la tsɔ Yuda-fia Yoyakim kple Mawu ƒe aƒe me nua ɖewo de asi nɛ; ekplɔ woyi eƒe mawu ƒe nɔƒe le Sinear-nyigba dzi, eye wòtsɔ nuawo de eƒe mawu ƒe nudzraɖoƒe.


Ame sia enye adela kalẽtɔ le Yehowa ƒe ŋku me, eyata wogblɔna bena: Adela kalẽtɔ le Yehowa ƒe ŋku me abe Nimrod ene.


Bia gbe Yehowa na mi, elabena Babel-fia Nebukaɖnezar le aʋa wɔm kpli mí; ɖewohĩ Yehowa awɔ na mí ɖe eƒe nukunuwo katã nu, eye wòaho adzo tso mia ŋu.


Yehowa ƒe nya, si wògblɔ fe Babel kple Kaldea-nyigba ŋu to nyagblɔɖila Yeremya dzi la, enye si.


Xaran, Kane, Eden kple asitsalawo tso Saba, Asur kple Media blibo la tsa asi kpli wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite