Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 1:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Mawu gblɔ be: Tsi, si le dziƒoa te la, neƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka, bena ƒuƒuiƒe nadze! Eye wòva me nenema.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Mawu gblɔ be, “Mina tsi si le lilikpo la te la naƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka be anyigba ƒe ƒuƒuiƒe nadze.” Eva eme nenema.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 1:9
17 Referans Kwoze  

Elabena ɖe woɣlae ɖe wo, esi wole edim nenema, bena dziƒowo li tso blema ke, eye anyigba hã li hedo tso tsi me, eye wòto tsi me le Mawu ƒe nya nu;


Eɖo ŋu na wo bena: Hebritɔ menye, eye mevɔ̃a Yehowa, dziƒo Mawu la, amesi wɔ atsiaƒu kple anyigba ƒuƒui.


Yehowa be: Ɖe miagbem vɔvɔ̃, eye miadzo nyanyanya le ŋkunye me oa? Nye amesi tsɔ ke do liƒo na atsiaƒu wònye kpododo mavɔ, si dzi magbɔ o, ne edze agbo hã, mate ŋui o, eye ne eƒe tsotsoewo le gbe ɖem hã, magbɔ edzi ayi o.


etɔe nye atsiaƒu, si wòwɔ, kple ƒuƒuiƒe, si eƒe asi wɔ.


Towo katã sina yia atsiaƒu me, ke etsiaƒu meyɔna gbeɖe o; afisi towo sina yina la, afima woyina ɖaa.


Eƒoa atsiaƒutsiwo nu ƒu abe ɖe goe me ene, eye wòdzraa tɔɖɔɖɔ ɖo ɖe nudzraɖoƒe.


Eɖe liƒo ɖe tɔwo dzi godoo, vaseɖe afisi kekeli ke ɖe viviti ŋu le.


eye wòta amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, amesi wɔ dziƒo kple nusiwo le eme kple anyigba kple nusiwo le edzi kpakple atsiaƒu kple nusiwo le eme la, bena ɣeyiɣia ɖeke naganɔ anyi o,


Etsɔa tsiwo sãa eƒe dziƒoxɔ dzi, etsɔa alilikpowo wɔa eƒe tasiaɖam, eye wòzɔa ya ƒe aʋalawo dzi.


eya, amesi keke anyiehe ɖe ya me, eye meku anyigba ɖe naneke ŋu o;


Eye Mawu yɔ alilia be dziƒo. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke evelia.


Wò ɖeka koe nye Yehowa, wòe wɔ dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo kpakple wo ŋu nuwo katã kple anyigba kple nusiwo katã le edzi, kpakple atsiaƒuwo kple nusiwo katã le wo me la; wòe na agbe wo katã, eye dziƒonuwo le ta dem agu na wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite