Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 1:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye Mawu yɔ alilia be dziƒo. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke evelia.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Mawu yɔ lilikpo la be “dziƒo.” Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke evelia.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 1:8
11 Referans Kwoze  

Mawu yɔ kekeli la be ŋkeke; ke viviti la eyɔe be zã. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke gbãtɔ.


Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke enelia.


Eye Mawu kpo nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonye ŋutɔ. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke adelia.


Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke atɔ̃lia.


Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke etɔ̃lia.


Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be anyigba, ke tsi ƒoƒua la eyɔe be atsiaƒu. Eye Mawu kpo bena enyo.


Ewɔ wo wonye ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo: eye wòna ŋkɔ wo bena „ame“ le gbesigbe wòwɔ wo.


Eye Mawu wo alili la, eye wòmã tsi, si le alilia te, kple tsi, si le alilia ta me la dome. Eye wòva me nenema.


Eye Mawu gblɔ be: Tsi, si le dziƒoa te la, neƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka, bena ƒuƒuiƒe nadze! Eye wòva me nenema.


Eya, amesi wɔ dziƒo de nunya me, elabena eƒe amenuveve li tegbee!


Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Israel ŋu; Ale Yehowa, amesi keke dziƒo me, amesi ɖo anyigba gɔme anyi, eye wòwɔ gbɔgbɔ de amegbetɔ me la, gblɔ esi;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite