4 Eye Mawu kpɔ kekelia bena enyo. Eye Mawu ma kekeli la kple viviti la dome.
4 Mawu kpɔ be kekeli la nyo, eye wòma kekeli la tso viviti la gbɔ.
Kekeli nyo, eye ɣe kpɔkpɔ vivia ŋku nu.
Tete mekpɔ be, nunya ƒo bometsitsi ta, ahe alesi kekeli ƒo viviti tae ene.
woaɖu ŋkeke kple zã dzi, eye woamã kekeli kple viviti dome. Eye Mawu kpɔ bena enyo.
Anyigba mie gbe fẽwo, nu miemie, siwo tsea ku wo tɔ wo tɔwoe, kple ati, siwo tsena, siwo me ku le, wo tɔ wo tɔwoe. Eye Mawu kpo bena enyo.
Eye Mawu kpo nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonye ŋutɔ. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke adelia.
Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be anyigba, ke tsi ƒoƒua la eyɔe be atsiaƒu. Eye Mawu kpo bena enyo.
Ale Mawu wɔ gbemelãwo hamehame, aƒemelãwo hamehame kple lã, siwo katã tana le anyigba dzi hamehame. Eye Mawu kpɔ bena enyo.
Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.
Yehowa, wò dɔwɔwɔwo katã ada akpe na wò, eye wò mawumemewo akafu wò.
nye amesi ɖo kekeli, eye mewɔ viviti, nye amesi wɔ dzɔgbenyuie, eye mehe dzɔgbevɔ̃e vɛ. Nye Yehowa ye wɔ nusiawo katã!