Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 1:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye Mawu gblɔ be: Kpɔ ɖa, metsɔ nu miemie tseku, siwo katã le anyigba blibo la dzi, kple ati, siwo katã tsena, siwo me ku le la, na mi, bena woanye nuɖuɖu na mi;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Mawu gagblɔ be “Metsɔ nu miemie siwo tsea ku le anyigba blibo la dzi kple ati tsekuwo na mi abe miaƒe nuɖuɖu ene.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 1:29
22 Referans Kwoze  

Nu gbagbe, siwo katã ʋãna, nenema nu siawo katã metsɔ na mi, bena woanye miaƒe nuɖuɖu abe amagbewo ke ene.


Dawid ƒe ha. Yehowa tɔe nye anyigba kple nusiwo yɔ edzi, xexeame kple eme nɔlawo.


elabena eya me míele agbe, eye míeʋãna le, eye miele, abe alesi miaƒe henɔa ɖewo hã gblɔ ene bena: „Elabena eƒe dzidzime miawo hã míenye.“


Gake la medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eɖokui ŋuti o, le esime wòwɔa nyuie, eye wòna tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo, eye wotsɔ nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.


Eya, amesi na nuɖuɖu lãwo kple akpaviãvi, siwo le xɔxlɔ̃m.


Eya, amesi na nuɖuɖu ŋutilãwo katã, elabena eƒe amenuveve li tegbee.


Na miaƒe nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la mí!


Elabena eya wòtsɔna hea to na dukɔwo, eye wònaa nuɖuɖu wo kpaekpaŋ.


Eye Yehowa Mawu de se na ame gblɔ bena: Ɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa;


De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti do la dzi;


Eyata metso ŋu atɔ kpɔ ɖe eƒe mɔ dzi, eye maɖo gli ɖe edzi, ale be magakpɔ etoƒe o.


eyae anɔ kɔkɔƒewo, mɔ̃ sesẽ, siwo le agakpewo dzi la, anye eƒe bebeƒe, woana aboloe, eye eƒe tsi mamie o.


eya, amesi tsona na amesiwo wote ɖe anyi, eye wònaa abolo dɔwuitɔwo. Ye howa ɖea ga gatɔwo.


Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.


Ena nuɖuɖu amesiwo vɔ̃nɛ la; eɖoa ŋku eƒe nubabla dzi tegbee.


amesiwo xea mɔ na srɔ̃ɖeɖe, eye wogblɔna be, woatsri nuɖuɖu, siwo Mawu wɔ, bena amesiwo xɔe se, eye wodze si nyateƒe la, naɖu kple akpedada la.


Ke wò la tsɔ nuɖuɖu ƒomevi vovovo, siwo katã woɖuna la, dzra ɖo ɖe gbɔwò, bena woanye nuɖuɖu na mia kpli wo siaa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite