Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 1:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Eye Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Mawu yra wo gblɔ na wo be, “Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 1:28
28 Referans Kwoze  

Eye Mawu yra Noa kple viaŋutsuawo, eye wògblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbe, eye miayɔ anyigba la dzi!


Ke miawo la midzi, ne miasɔ gbɔ, miʋã mia ɖokui le anyigba dzi, eye mikeke ta ɖe edzi!


Matrɔ ɖe mia ŋu, eye mana míadzi asɔ gbɔ, eye mawɔ nu, si mebia kpli mi la dzi.


Eye Mawu yra wo gblɔ bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ atsiaƒutsia me, eye xe dzodzoeawo nasɔ gbã le anyigba dzi!


Elabena ale Yehowa, dziƒowɔla, eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be woatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmee, be woanɔ edzi la, gblɔ esi: Nyee nye Mawu, ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.


Ke le Ismael to gome la, mese wò nyawo. Kpɔ ɖa, mayrae, eye mana wòadzi, eye wòasɔ gbɔ ɖe dzi. Adzi fia wuieve, eye mawɔe wòazu dukɔ gãa ɖe.


Lã vovovo, siwo katã le gbɔwò; xe dzodzoewo kple aƒemelãwo kpakple nu tata, siwo katã tana le anyigba dzi la, nado go kpakpli wò, ne woaʋã wo ɖokui le anyigba dzi, eye wòadzi asɔ gbɔ le anyigba dzi!


Eyra wo, eye wodzi ɖe dzi ŋutɔ, eye meke woƒe lãwo dzi ɖe o.


Eye Yabez yɔ Israel ƒe Mawu la gblɔ bena: Ne èyram, eye nèkeke nye anyigba ɖe enu, wò asi nɔ kplim, eye neɖe dzɔgbevɔ̃ewo ɖa, ale be vevea ɖeke medzɔ ɖe dzinye o la, — tete Mawu na nusi wòbia la, va me.


Tete Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me gblɔ bena: Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu! Megavɔ̃ o, elabena nye la meli kpli wò; mayra wò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le nye dɔla Abraham ta.


Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi hã na wò. Mayrae ale bena, wòava nye dukɔwo kple dukɔwo dziɖulawo dada.


tso fofowò ƒe Mawu la gbɔ, eya akpe ɖe ŋuwò! tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ, eya ayra wò! Atsɔ dziƒo nu nyuiwo ayra wò, atsɔ tɔ gɔme nu nyuiwo ayra wò, eye atsɔ notsi kple vidzidɔ geɖe ayra wò!


adelia nye Amiel, adrelia nye Isaxar, eye enyilia nye Peultai: elabena Mawu yrae.


Eye esi wòfɔ kɔ dzi kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo la, ebia bena: Amekawo nye esiawo le ŋuwò mahã? Eɖo ŋu bena: Woawoe nye vi, siwo Mawu na wò dɔla!


Eye woyra Rebeka gblɔ nɛ bena: Wò, mía nɔvinyɔnu, nadzi ame akpe nanewo, eye viwòwo natsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee!


Elabena Yehowa ɖoa to ame dahewo, eye medoa vlo eƒe gatɔwo o.


Yehowa yra Hiob fifia wu tsã, eye alẽ akpe wuiene, kposɔ akpe ade, nyi eveve teƒe akpe ɖeka kple tedzinɔ akpe ɖeka nɔ esi.


amesiwo xea mɔ na srɔ̃ɖeɖe, eye wogblɔna be, woatsri nuɖuɖu, siwo Mawu wɔ, bena amesiwo xɔe se, eye wodze si nyateƒe la, naɖu kple akpedada la.


Ewɔ wo wonye ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo: eye wòna ŋkɔ wo bena „ame“ le gbesigbe wòwɔ wo.


Esusɔ vie, nena wòsɔ kple Mawu kloe, eye netsɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ɖɔ nɛ.


Ke esi amewo de asi agbɔsɔsɔ me le anyigba dzi, eye wodzi nyɔnuwo la,


Ɖe naɖo ŋu ɖe eŋu, le esi ŋusẽ kako le esi ta, eye natsɔ wò dɔ agblẽ ɖe esi mea?


Etsɔe ɖo wo asinudɔwɔwɔwo nu, eye netsɔ nuwo katã ɖe eƒe ato te:


Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite