Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 1:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Ale Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me. Mawu ƒe nɔnɔme me wòwɔ ame ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 1:27
20 Referans Kwoze  

Ke eɖo ŋu gblɔ bena: Alo miexlẽe kpɔ bena, amesi wɔ ame le gɔmedzedzea me ke la, atsu kple asi wòwɔ wòe o mahã?


Elabena eyama ƒe nuwɔwɔ míenye, wowɔ mí le Kristo Yesu me hena dɔ nyui wɔwɔ, siwo Mawu dzra ɖo ɖi, bene miazɔ le wo me la.


Tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedzea me ke la atsu kple asi wòwɔ wòe.


eye mido ame yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me.


Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.


amesiwo katã ŋu woyɔ nye ŋkɔ do, amesiwo mewɔ hena nye bubu, memè wo, eye mewo wo.


amesi nye Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme kple nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la.


Ɖe menye ame ɖekae wɔ mi, eye wole míaƒe agbe ɖe le oa? Nuka dim ame ɖeka la le? Mawu ƒe ƒome dim wole. Eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye megawɔ nu tovo ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu o.


Eye Yehowa Mawu gblɔ bena: Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.


Nya ɣaɣla, si woɣla ɖi tso ŋɔli mavɔwo kple dzidzimewo me ke; ke azɔ la eɖee fia eƒe ame kɔkɔewo,


eye mido ame yeye, si wowɔ yeye hena sidzedze le amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu,


Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi; elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo.


Bia gbaɖegbe, si va yi, kple dziƒo ƒe go ɖeka vaseɖe go keme dzi la se, tso gbesigbe Mawu wɔ ame ɖe anyigba dzi be, nya gãa ɖe dzɔ kpɔ abe esia enea, alo wose esia tɔgbe kpɔa?


Negbe esia ko mekpɔ be, Mawu wɔ amegbetɔwo woto mɔ ɖeka, ke woawo dia ayedzedze geɖe.


Azã Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.


Ke ne wo fofowo kple wo nɔviŋutsuwo va dzre wɔ ge kpli mí la, ekema miagblɔ na wo bena: Miele asi le wo ŋu na mi, elabena miekpɔ nyɔnu le aʋa me na amesiame o; ɖe wònye mia ŋutɔwoe tsɔ wo na wo la, eya ko wòanye ɖe míeɖi fɔ.


Miɖe srɔ̃, eye midzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo; miɖe nyɔnu na mia viŋutsuwo, eye miɖe ŋutsu na mia vinyɔnuwo, ne wòadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo; midzi ɖe dzi le afima, eye migazu ʋee o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite