Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 1:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye Mawu yra wo gblɔ bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ atsiaƒutsia me, eye xe dzodzoeawo nasɔ gbã le anyigba dzi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Mawu yra wo gblɔ be, “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ atsiaƒuwo me, eye miana xeviwo nasɔ gbɔ le anyigba dzi.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 1:22
16 Referans Kwoze  

Lã vovovo, siwo katã le gbɔwò; xe dzodzoewo kple aƒemelãwo kpakple nu tata, siwo katã tana le anyigba dzi la, nado go kpakpli wò, ne woaʋã wo ɖokui le anyigba dzi, eye wòadzi asɔ gbɔ le anyigba dzi!


Eyra wo, eye wodzi ɖe dzi ŋutɔ, eye meke woƒe lãwo dzi ɖe o.


Kpɔ tɔmenyi, si mewɔ kpe ɖe ŋuwò ɖa! Eɖua gbe abe nyi ene.


Eye Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!


Yehowa yra Hiob fifia wu tsã, eye alẽ akpe wuiene, kposɔ akpe ade, nyi eveve teƒe akpe ɖeka kple tedzinɔ akpe ɖeka nɔ esi.


Eye Mawu yra Noa kple viaŋutsuawo, eye wògblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbe, eye miayɔ anyigba la dzi!


Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.


Srɔ̃wò le abe weinka, si tsena ene le wò xɔ ƒe xɔgã me, eye viwòwo le abe amiti fẽwo ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.


Woada akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔvlwo la ta;


Matrɔ ɖe mia ŋu, eye mana míadzi asɔ gbɔ, eye mawɔ nu, si mebia kpli mi la dzi.


Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ, àdzi, eye nasɔ gbɔ; anye dukɔ kple dukɔhawo ƒe fofo, eye fiawo adzɔ atso mewò.


Nusi le asiwò hafi meva la, ele sue ko; ke azɔ la edzi ɖe dzi ŋutɔ, eye afisiafi, si meto la, Yehowa yraa wò; ke ɣekaɣi gɔ̃e nye hã mawɔ dɔ na ɖokuinye?


Tete Laban gblɔ nɛ bena: Ve nunye dzro! Elabena medze sii bena, Yehowa yram le tawo.


Eye Mawu wo ƒumelã klitsuwo kple nu gbagbe, siwo katã tana, eye woʋãna le tsia me, hamehame, kple xe, siwo katã dzona. Eye Mawu kpo bena enyo.


Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke atɔ̃lia.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite