Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 1:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Tete Mawu wɔ nu keklẽ gã eveawo. Ewɔ gãtɔ, bena woaɖu ŋkeke dzi, kple suetɔ, bena woaɖu zã dzi, hekpe ɖe ɣletiviwo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Mawu wɔ nu keklẽ gã eve: ɣe kple ɣleti, be woaklẽ ɖe anyigba dzi. Eɖoe be nu keklẽ gãtɔ si nye ɣe la naklẽ le ŋkeke me, eye suetɔ si nye ɣleti la naklẽ le zã me. Ewɔ ɣletiviwo hã.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 1:16
22 Referans Kwoze  

eye megawu wò mo dzi akpɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziƒonuwo, eye naɖu ɖokuiwò ade ta agu na wo ahayi wo subɔ ge o, elabena ɖe Yehowa, wò Mawu, tsɔ wona dukɔ, siwo katã le dziƒoa te la.


Deviwo kple vi nonowo ƒe nu me neli ŋusẽ anyi ɖo le wò ketɔwo ta, ne nana ketɔwo kple hlɔ̃bialawo ƒe nu natɔ kpe.


Mifɔ mo dzi, ne míakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo ɖoa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔa ɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la I nu.


Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena ede se, eye wodzɔ,


Tɔwòe nye ŋkeke, eye tɔwòe nye zã, wòe ɖo kekeli kple ɣe.


Ɣe kple ɣleti, mikafui; mikafui, mi dzinuvi keklẽwo katã!


esime ŋukeɣletiviwo katã le aseye tsom, eye Mawu ƒe viwo katã gli kple dzidzɔa?


Ye ƒe ŋutikɔkɔe le vovo, eye ɣleti ƒe ŋutikɔkɔe hã le vovo, eye ɣletiviwo ƒe ŋutikɔkɔe hã le vovo; elabena vovo le ɣletivi kple ɣletivi dome le ŋutikɔkɔe gome.


Ke tso gaƒoƒo adelia dzi la zãdokeli do de anyigba la katã dzi vaseɖe gaƒoƒo asiekelia dzi.


Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo teƒe, bene wò aŋutrɔ, siwo le yiyim la, nanye kekeli, eyewò akplɔ, siwo le dzo kem la, nanye keklẽ.


nye amesi ɖo kekeli, eye mewɔ viviti, nye amesi wɔ dzɔgbenyuie, eye mehe dzɔgbevɔ̃e vɛ. Nye Yehowa ye wɔ nusiawo katã!


Elabena dziƒoɣletiviwo kple woƒe avũ kple avũtɔwo mana woƒe kekeli naklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye ɣleti mana eƒe kekeli naɖi o.


Ɣe doa go tsoa eƒe xɔ me abe ŋugbetɔsrɔ̃ ene, ekpɔa dzidzɔ abe kalẽtɔ ene, be yealé eƒe mɔ.


Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi.


Du akpe ɣleti, eye ɣe ƒe mo atsi dã, elabena Yehowa Zebaot ɖu fia le Zion-to la dzi kple Yerusalem, eye atsyɔ̃ɖoɖo le eƒe ame tsitsiwo ŋku me.


ne mekpɔ alesi ɣe le keklẽmi, kple alesi dzinu le yiyim le atsyɔ̃ mee,


Ke enumake le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o, ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu.


eye woanye nu keklẽwo anɔ dziƒolilia ŋu, bene woaklẽ ɖe anyigba dzi! Eye wòva me nenem.


Ale Yehowa gblɔ esi; eya amesi wɔ ɣe, ne wòaklẽ le ŋkeke me, eye wòɖo na ɣleti kple ɣletiviwo be, woaklẽ le zã me, eya amesi de adã ta me na atsiaƒu, be eƒe tsotsoewo nadze agbo la, eŋkɔ enye Yehowa Zebaot:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite