Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 1:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye Mawu gblɔ be: Nu keklẽwo nado ɖe dziƒolilia ŋu, bena woade vovo ŋkeke kple zã dome, eye woanɔ anyi anye dzesiwo, afia azãgbewo, ŋkekewo kple ƒewo,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Mawu gblɔ be, “Mina akaɖiwo nanɔ dziŋgɔli la me be woama ŋkeke ɖa tso zã gbɔ, eye woanye dzesi siwo afia ɣeyiɣiwo, ŋkekewo kple ƒewo,

Gade chapit la Kopi




1 Mose 1:14
43 Referans Kwoze  

eye megawu wò mo dzi akpɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziƒonuwo, eye naɖu ɖokuiwò ade ta agu na wo ahayi wo subɔ ge o, elabena ɖe Yehowa, wò Mawu, tsɔ wona dukɔ, siwo katã le dziƒoa te la.


Ale Yehowa gblɔ esi; eya amesi wɔ ɣe, ne wòaklẽ le ŋkeke me, eye wòɖo na ɣleti kple ɣletiviwo be, woaklẽ le zã me, eya amesi de adã ta me na atsiaƒu, be eƒe tsotsoewo nadze agbo la, eŋkɔ enye Yehowa Zebaot:


Ɣe kple ɣleti, mikafui; mikafui, mi dzinuvi keklẽwo katã!


etsɔ wo ɖo anyi ɖaa tegbee; ena ɖoɖowo, eye emagatrɔ wo o.


Eya amesi wo atifieŋu kpakple avũ kple avũtɔ, eye wotsɔ blukɔ wɔ ŋdii, ena ŋkeke do viviti abe zã ene, eye wòyɔ atsiaƒu me tsiwo vɛ hetrɔ wo ƒo ɖe anyigba dzi la ŋkɔ enye Yehowa;


Ale Yehowa gblɔ esi: Dukɔwo ƒe mɔ megamã mi o, eye dziƒo ŋu dzesiwo megadzi ŋɔ na mi o, nenye be, wonɔa ŋɔ dzim na dukɔwo hã.


Mixe ha, mina axatsɛwo, gakasaŋku kple saŋku viviwo naɖi!


Tso esia dzi, ŋkeke alesi anyigba li la, nuƒaƒã kple nuŋeŋe, viwo kple fifia, dzomeŋɔli kple pepi, ŋkeke kple zã nu matsi o.


Mifɔ mo dzi, ne míakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo ɖoa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔa ɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la I nu.


Ke enumake le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o, ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Le ŋkeke ma me la mana ɣe naɖo to le ŋdɔkutsu dzatsɛ, eye viviti nado ɖe anyigba dzi le ŋkeke me.


Anyigba dzo kpekpekpe le enu, eye dziƒo ʋuʋu; ɣe kple ɣleti do viviti, eye ɣletiviwo ƒe keklẽ nu tsi.


Ale Yehowa gblɔ esi: Ne miate ŋu atu nye nusi mebia kple ŋkeke kple zã, ale be ŋkeke kple zã maganɔ anyi le wo ŋɔli o la,


Eye esime wòɖe nutrenu adelia ɖa la, mekpɔ, eye anyigbaʋuʋu gãa ɖe va dzo, eye ɣe tro zu yibɔ abe lãfukotoku ene, eye ɣleti tra zu abe ʋu ene.


Afika Yudalawo ƒe fia, si wodzi la le? Elabena miekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe, eye mieva ta de ge agu na eyama esi.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Xɔxɔnu metɔ ƒe agbo, si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la, nano dodo le gbedzrogbe-ŋkeke adeawo dzi, ke woaʋui le dzudzɔgbe kple dzinu yeye dzi.


Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖe nye nusi mebia kple ŋkeke kple zã meli ke, eye meɖo dziƒo kple anyigba ƒe ɖoɖowo o la,


Kpɔ ɖa, ɣleti ke hã meɖina, eye ɣletiviwo me mekɔna le eƒe ŋku me o,


Meɖo nye anyieʋɔ ɖe alilikpowo ŋu, bena wòanye nubabla, si le mía kple anyigba dome la ƒe dzesi.


Eye mawudɔla enelia ku kpẽ la, eye woƒo ɣe ƒe akpa etɔ̃lia kple ɣleti ƒe akpa etɔ̃lia kpakple ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, bena woƒe akpa etɔ̃lia nado viviti, eye ŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia nagaklẽ o, eye zã hã nenema ke.


eye ɣe la ɖo viviti, eye mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve kpla.


Ke le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o;


Dzinu yeye la tɔ nanye nyitsuvi ɖeka, si sɔ blibo, kple alẽvi ade kpakple agbo ɖeka, siwo sɔ blibo.


Woli vaseɖe egbe, elabena wo katã wole suhɔwòm.


Ameka ate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwo, eye ameka tame eƒe kekeli mele oa?


Eƒe ŋukeɣleti neɖo viviti; nelala keklẽ, ke ɖeke megado o, eye megakpɔ agudzedze ƒe aɖaba o!


Eye woʋu aʋli me vudo la nu, eye dzudzɔ lu tso vudo la me abe kpodzo gãa ɖe ƒe dzudzɔ ene, eye ɣe kple yame do viviti le vudo la ƒe dzudzɔ la ŋuti.


Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke etɔ̃lia.


eye woanye nu keklẽwo anɔ dziƒolilia ŋu, bene woaklẽ ɖe anyigba dzi! Eye wòva me nenem.


Mikafu Yehowa! Mikafu Mawu le eƒe kɔkɔeƒe la me; mikafui le eƒe alili sesẽ la me!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite