Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Tesalonikatɔwo 5:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke miawo, nɔviwo, miele viviti me, bena ŋkeke la naɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo la, nu siawo mele ɣaɣla ɖe mi o, eye womava ɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene, le Aƒetɔ la ƒe azãgbe la o.

Gade chapit la Kopi




1 Tesalonikatɔwo 5:4
17 Referans Kwoze  

Se yeye magaŋlɔ aɖo ɖe mi, esi nye nyateƒe le eya me kple miawo hã mia me; elabena viviti le dzodzom, eye kekeli vavã le keklẽm xoxo.


Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.


amesi ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòtsɔ mí ɖo eƒe lɔlɔ̃vi ƒe fiaduƒe la me,


Ke nye gbe kple nye fameɖoɖo, siwo meɖe asi na nye dɔla nyagblɔɖilawo la, ɖe womeva mia fofowo dzi, ale be woyi ta me hegblɔ bena: Alesi Yehowa Zebaot ɖo be, yeawɔ mi ɖe miaƒe zɔzɔme kple míaƒe nuwɔnawo nu la, nenema wòwɔ mi oa?


Israel, èwɔ nuvɔ̃ tso Gibea ŋɔli ke. Eya dzi wogale; ɖe ana matu ame vɔ̃ɖiwo le Gibea oa?


ekema yi, si vɔ̃m miele la, atu mi le Egipte-nyigba dzi afima, eye dɔwuame, si ŋu mietsi dzi ɖo la, ano mia yome kplikplikpli le Egipte, eye miaku ɖe afima.


Fiƒode siawo katã ava dziwò, woanɔ ŋuwò, eye woaɖi ŋuwò, vaseɖe esime natsrɔ̃ avɔ, elabena mèɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe o, eye mèlé se kple ɖoɖo, siwo wògblɔ na wò la me ɖe asi o;


Ke ne mèɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe o, eye melé se kple ɖoɖo, siwo katã megblɔ na wò egbe la me ɖe asi hewɔ wo dzi o la, ekema fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò.


ne hiãtɔ magaɖo dziku ati amewula yome, eye woatui awui, le esi mɔ didi akpa ta o, evɔ wònye medze ku o hafi, elabena melé fui tsã o.


Eyata ɖo ŋku nusi nèxɔ, eye nèse la dzi, eye nèlé eme ɖe asi, eye natrɔ le wò dzi me. Ne mènɔ ŋudzɔ azɔ o la, ekema mava ado ɖe dziwò abe fiafitɔ ene, eye manya gaƒoƒo, si dzi mava ado ɖe dziwò o.


be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.


Vavã mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodom- kple Gomora-nyigba la le ʋɔnudrɔ̃gbe la, abe nenem du ma ene o.


Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;


elabena mia ŋutɔwo mienyae kɔte bena, Aƒetɔ ƒe ŋkeke la gbɔna, abe alesi fiafitɔ vana le zã me ene.


Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bene wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpe ƒe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite