Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Tesalonikatɔwo 2:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Elabena, nɔviwo, mia ŋutɔwo mienyae bena, míaƒe mia gbɔ vava la menye dzodzro o,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo ŋutɔ mienya ale si míaƒe mia gbɔ vava ɖe vi na mie.

Gade chapit la Kopi




1 Tesalonikatɔwo 2:1
18 Referans Kwoze  

Mlɔeba la, nɔviwo, mido gbe ɖa ɖe mia la, bena Aƒetɔ ƒe nya la nayi dzi kaba, eye woakɔ eŋuti, abe alesi wòle le miawo hã mia dome la ene,


Eye le esia ta míawo hã miedaa akpe na Mawu ɖaa bena, esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã, si hã sẽa ŋu le mi, amesiwo xɔnɛ sena la me ene.


esi me mieléa agbenya la ɖe asi le hena nye adegbeƒoƒo le Kristo ƒe ŋkeke la dzi, bena nyemeƒu du dzodzro, eye nyemedze agbagba dzodzro hã o.


Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.


si me woxɔ mi ɖe agbe le hã, ne mielée ɖe asi, abe alesi metsɔ nyanyuie la gblɔ fia mi ene la; anye ne miexɔ edzi se dzodzo.


Kpɔ ɖa, ɖe menye Yehowa Zebaot gbɔ wòtso be, dukɔwo nadze agbagba bena dzo, eye anyigba dzi dukɔwo naku kutri yakatsyɔ oa?


Salomo ƒe mɔzɔha. Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroa etulawo le agbagba dzem le eŋu; ne Yehowa medzɔ dua ŋu o la, dzodzroe dzɔla le ŋudzɔ.


Eyata nye hã, esi nyemegale ŋu do dzi o la, medɔ ɖo ɖa, bene manya miaƒe xɔse, bena misela tela te mi kpɔ, eye míaƒe agbagbadzedze zu dzodzro mahĩ!


Mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu bena, misela medze agbagba dzodzro ɖe mia ta mahĩ?


Ke meyi le nyaɖeɖefiaa ɖe nu, eye metsɔ nyanyuie, si meɖea gbe ƒã le trɔ̃subɔlawo dome la, ɖo wo ŋku me, ke vevietɔ amesiwo wohuna be, wonye nane la ŋku me, bena nyemele du sim dzodzro alo mesi du dzodzro o.


Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.


Ke Mawu ƒe amenuveve la ŋuti mezu nusi menye, eye eƒe amenuveve, si wotsɔ ve nunye la, menye dzodzro o, elabena medze agbagba geɖe wu wo katã; ke menye nyee o, hafi Mawu ƒe amenuveve, si le kpakplim la boŋ.


Womadze agbagba dzodzro o, eye womadzi dzikudziku o; elabena Yehowa ƒe ame yayrawo ƒe ƒome wonye, eye wo viwo le wo ŋu.


Ke megblɔ be: Medze agbagba yakatsyɔ, eye megblẽ nye ŋusẽ ɖe ya me dzodzro; ke Yehowa si me nye nya le, eye nye fetu le nye Mawu gbɔ.


Esẽa ŋuta le viawo ŋu, abe menye eto wonye o ene; eye ne eƒe agbagbadzedze zu dzodzro ha la, ŋɔ medzinɛ o.


ne ava, bena wòakpɔ ŋutikɔkɔe le eƒe ame kɔkɔewo me, eye woawo nuku na amewo le dzixɔsetɔwo katã ŋuti le ŋkeke ma dzi; elabena miexɔ míaƒe ɖaseɖiɖi dzi se.


Nyateƒe, yakatsyɔe mene nye dzi ŋn dza, eye meklɔ nye asi ɖe fɔmaɖimaɖi me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite