Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Tesalonikatɔwo 1:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Elabena Aƒetɔ ƒe nya la ɖi hoo tso mia gbɔ, menye le Makedonia kple Axaya ɖeɖeko o, ke boŋ miaƒe Mawu dzixɔse la ɖo afisiafi, ale bena naneke gbɔgblɔ megahiã mí o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Azɔ la, miekaka Aƒetɔ la ƒe nya la na amewo le afi sia afi, tso Akaya yi keke Makedonia ƒe liƒowo godo ke hã, elabena afi sia afi si míeyi la, amewo ɖia ɖase tso miaƒe xɔse deto si le mia si le Mawu me la ŋuti. Esia ta megahiã be míawo míagagblɔ nya aɖeke na wo o,

Gade chapit la Kopi




1 Tesalonikatɔwo 1:8
20 Referans Kwoze  

Gbã la mele akpe dam na Mawunye to Yesu Kristo dzi le mi katã ta bena, wogblɔa miaƒe xɔsenya fiana le xexeme blibo la katã.


Eye mekpɔ mawudɔla bubua de le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyuie mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinuwo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ,


Demetrio kpɔa ɖaseɖiɖi nyui tso amewo katã kple nyateƒe la ŋutɔ hã gbɔ, eye miawo hã míele ɖase ɖim le eŋuti, eye ènyae bena, míaƒe ɖaseɖiɖi enye nyateƒe.


ale bena mia ŋutɔwo míeƒoa adegbe le mia ta le Mawu ƒe hameawo me le miaƒe dzidodo kple miaƒe xɔse, si le mia si le miaƒe yometitiwo kple xaxa, siwo miekpɔna me la ŋuti;


Du nyui xɔla ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Eya, amesi ɖea gbe ƒã ŋutifafa, eye wòtoa gbe nyui, eɖea gbe ƒã xoname, eye wòle gbɔgblɔm na Zion be: Wò Mawu enye fia!


Mlɔeba la, nɔviwo, mido gbe ɖa ɖe mia la, bena Aƒetɔ ƒe nya la nayi dzi kaba, eye woakɔ eŋuti, abe alesi wòle le miawo hã mia dome la ene,


Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nèxɔ agbetsi la no faa.


Elabena miaƒe toɖoɖo de amewo katã ƒe to me; eyata dzi le dzɔyem le mia ŋuti, ke mele didim bena, mianye nunyalawo le nu nyui me, ke ame dzadzɛwo ɖe nuvɔ̃ ŋuti.


Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mawo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo. Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.


Eye Yetro kpɔ dzidzɔ le nu nyui, siwo katã Yehowa wɔ na Israel, kple alesi wòde wo tso Egiptetɔwo si me la ŋuti.


Ke dziɖoɖo ɖe Mawu ŋu sia le mia si to Yesu dzi:


Alo ɖe mia mee mawunya dzɔ tsoa? Alo miawo ɖeɖe gbɔ wòva loo?


Mawɔ dzesi ɖe wo ŋu, eye maɖo ame sisiwo ɖa tso wo dome ɖe dukɔwo, ɖe Tarsis, Pul kple Lud, amesiwo nye aŋutrɔdalawo, ɖe Tubal kple Yawan kpakple ɖe didiƒe ƒukpowo, amesiwo mese ŋkɔnye o, eye womekpɔ nye ŋutikɔkɔe o la gbɔ, eye woaɖe gbe ƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome;


Ke esi Galio nye du me dziɖula le Axaya la, Yudatɔwo tsɔ nu sɔsɔe tsi tre ɖe Paulo ŋuti, eye wokplɔe va ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ


Elabena edze Makedonia kple Axaya ŋu bena, woadzo nu na ame dahe, siwo le Yerusalem ƒe ame kɔkɔewo dome la.


Ke woada akpe na Mawu, si nana mieɖua dzi ɖaasi le Kristo me, eye wòɖe eƒe sidzedze ƒe ʋeʋẽ lilili la ɖe go fia to mía dzi le afisiafi.


Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


Eyata mele didim bena, ŋutsuwo nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado asi kɔkɔewo ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikekea ɖeke manɔmee.


nusi ŋuti mekpe fu ɖo yiɖase bablawo me, abe nuvɔ̃wɔla ene; gake womebu mawunya la o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite