Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Tesalonikatɔwo 1:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena, nɔvi, siwo Mawu lɔ̃na la, mienya miaƒe tiatia la;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Nɔvi lɔlɔ̃awo kple Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ veviwo, míenya be Mawu ŋutɔe tia mi,

Gade chapit la Kopi




1 Tesalonikatɔwo 1:4
14 Referans Kwoze  

Ke ele na mí be, míada akpe na Mawu ɖaasi le mia ta, nɔvi, siwo Aƒetɔ la lɔ̃na, bena Mawu Mia mi tso gɔmedzedzea me hena xɔxɔ le Gbɔgbɔ ƒe kɔkɔewɔwɔ kple nyateƒe dzixɔse la me,


Eyata, nɔviwo, miɖo vevie wu tsãtɔ, bena miali ke mia yɔyɔ kple tiatia la sesĩe; elabena ne miewɔ nusiawo la, miada vo akpɔ o.


abe alesi wogblɔ le Hosea me hã ene bena: „Mayɔ ‚Manyenyedukoe‘ be Nye dukɔe la, kple Amemalɔ̃e be Amelɔlɔ̃e;


Eyata esi míenye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu,


abe alesi ke wòtia mí le eyama me, hafi wòɖo xexeame gɔme anyi ene, bene mianye kɔkɔeawo kple mokaka manɔŋutɔwo le eƒe ŋku me,


ŋlɔ ɖo ɖe mi, amesiwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo kple ame kɔkɔe, siwo woyɔ la: Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu, mia Fofo, kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi!


le Mawu Fofo la ƒe nunyanyaɖi la nu le Gbɔgbɔ ƒe kɔkɔewɔwɔ me hena toɖoɖo kple Yesu Kristo ƒe ʋuhehlẽ: Amenuveve kple ŋutifafa nasɔ gbɔ ɖe dzi na mi!


eye ɖaa míeɖoa ŋku miaƒe xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ ƒe agbagbadzedze kpakple mɔkpɔkpɔ na mía Aƒetɔ Yesu Kristo la ƒe dzidodo le Mawu, mía Fofo ƒe ŋku me la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite