Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 9:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ameka gɔ̃e woa aʋawɔvi ƒe do, eye wòxea fe na eɖokui? Alo ameka gɔ̃e dea weingble, eye meɖua eƒe kutsetse oa? Alo amekae nyia lãha, eye menoa lãha la ƒe notsi oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Miese kpɔ be asrafo si le aʋagbedzi la kpɔ eya ŋutɔ ɖokui dzi le aʋagbedzi kpɔ oa? Alo miese kpɔ be agbledela mekpɔ mɔ aɖu eya ŋutɔ ƒe agblemenukuwo oa? Alo lãnyila kae mekpɔ mɔ ano notsi si wòfia tso eƒe lã ƒe nowo me la ƒe ɖe o?

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 9:7
16 Referans Kwoze  

Amesi kpɔa eƒe gboti dzi la, aɖu eƒe kutsetse; nenema ke amesi dzɔa eƒe aƒetɔ ŋu la, woade bubu eŋu.


Ne ŋutsua ɖe de weingble, eye mede nu eme nua ɖeke ŋu haɖe o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magaku ɖe aʋa me, eye ŋutsu bubu nawɔ eŋu ɖɔ o.


Mele sedede sia dem asi na wò, vinye Timoteo, le nyagbɔgblɔɖeanyi, siwo dze ŋgɔ na wò la nu, bene nawɔ aʋa nyui le wo nu,


Eyaŋuti mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ ƒe ʋu la.


Nye weingble le nye ŋutɔ asinye me, Salomo, tɔwòe nye sekel akpe ɖeka, eye alafa eve enye kutsetse dzikpɔlawo tɔ!


gbɔ̃notsi sɔ gbɔ na wò nuɖuɖu kple aƒewòmetɔwo ƒe nuɖuɖu kpakple wo dɔlanyɔnuwo ƒe nunyiame.


Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, eye mikpɔ edzi; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa;


Ʋiʋli nyui lae meʋli; mewu nye mɔzɔzɔ la nu, melé xɔse la me ɖe asi.


Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la; wò asi nasu agbe mavɔ, si ta woyɔ wò ɖo, eye nèʋu emeʋuʋu nyui le ɖaseɖila geɖewo ƒe ŋku me la dzi.


Eye le esi notsi bɔ ta la, woano notsi kpekẽ, elabena amesiwo kpɔtɔ ɖe anyigba dzi la dometɔ ɖesiaɖe ano notsi kpekẽ kple anyitsi.


Eya hã naxɔ adzɔ ma kpli wo, negbe ƒomenu, si amea ɖe dzra la, koe mele eme o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite