Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 9:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Alo ɖe miekpɔ ŋusẽ bena, míakplɔ nɔvinyɔnu, si anye mía srɔ̃ la, anɔ nugbe yim, abe alesi apostolo bubuawo kple Aƒetɔ la nɔviwò kpakple Kefa hã wona ene oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Ɖe mɔɖeɖe meli be makplɔ srɔ̃nyɔnu si nye xɔsetɔ ɖe asi ava dze mia gbɔ abe ale si apostolo bubuawo, Yesu nɔviwo kple Kefa hã wɔna ene oa?

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 9:5
25 Referans Kwoze  

Ekplɔe va Yesu gbɔ. Eye esi Yesu kpɔe du la, egblɔ ne bena: Wòe nye Simon, Yona vi la, woayɔ wò be Kefas, (si gome enye kpe gbadza).


Eye esi Yesu va Petro ƒe me la, ekpɔ lɔ̃xoa le anyimlɔƒe, le ŋudza lém.


Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.


Ke nyemekpɔ apostolowo dome ame bubua ɖeke o, negbe Yakobo. Aƒetɔ la nɔvi ko.


Se la bla nyɔnu, ŋkeke alesi srɔ̃a le agbe la, gake nenye be, ŋutsua ku la, ekema evo bena, wòaɖe amesi ke wòlɔ; negbe ɖeko woawɔe le Aƒetɔ la me.


Elabena mele didim bena, amewo katã nanɔ anyi, abe alesi nye hã mele ene; gake amesiame kpo ye ŋutɔ ƒe amenuvevenuna tso Mawu gbɔ, amea ɖeka kpɔ esi, eye ame bubu hã kpɔ bubu.


Amesiawo katã nɔ gbedodoɖa kpakple kukuɖeɖe dzi kple tame ɖeka kpe ɖe nyɔnuawo kple Maria, Yesu dada, kple eƒe nɔviŋutsuawo ŋuti.


Amesi ke nye mokaka manɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka srɔ̃, amesi si vi xɔsetɔ, siwo nu wometso be, wòwɔa nu vlo alo womeɖoa to o la le.


nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene, ɖetugbiwo abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye katã me.


Azɔ la ele na dzikpɔla bena, mokaka naganɔ eŋu o: Wòanye nyɔnu ɖeka srɔ̃, ɖokuidziɖula, ame ɖɔŋuɖo, nudzeamewɔla, amedzrowɔla, amesi nya nufiafia;


Ke ne amesi mexɔ se o la, gbe srɔ̃a la, negbee faa! Nɔviŋutsu alo nɔvi nyɔnu la menye kluvi le nya siawo ƒomevi me o. Ke Mawu yɔ mí le ŋutifafa me.


Ke mele esia gblɔm bena, mia dome ɖesiaɖe gblɔna bena: Nye la, Paulo to menye! Nye la, Apolo to menye! Nye la, Kefa tɔ menye! Nye la, Kristo to menye!


Mele Foibe, mia nɔvinyɔnu, si nye Kenxrea-hame ƒe subɔla la, kafum na mi,


Esia megbe la eya kple dadaa kple nɔviawo kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe Kapernaum, eye wono afima ŋkeke geɖewo.


Mateo kple Toma, Yakobo, Alfeovi kple Simon, si woyɔna be Zelotes,


Alo amesia la, de menye atikpala, si nye Mana vi la, kple Yakobo, Yose, Yuda kpakple Simon nɔvi lae o mahã? Eye nɔvianyɔnuwo hã mele mía dome afisia o mahã? Eye wòzu nuɖiaɖia na wo le eyama ŋuti.


Ke Simon lɔ̃xo le anyimlɔƒe le ŋudza lém, eye enumake la wogblɔ eŋutinya nɛ.


Nenem me sia la menye atikpala ƒe vie o ɖe? Alo menye ɖe woyɔa dadaa be: Maria, eye nɔviaŋutsuwo be: Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda oa?


Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ enye abɔ, si ƒe ʋɔ wodo, vudo, si nu wotu nu do, kple tsidzɔƒe, si nu wotre.


amesiwo xea mɔ na srɔ̃ɖeɖe, eye wogblɔna be, woatsri nuɖuɖu, siwo Mawu wɔ, bena amesiwo xɔe se, eye wodze si nyateƒe la, naɖu kple akpedada la.


Ke megblɔ na trewo kple ahosiwo bena, ne woano abe alesi nye hã mele ene la, ekema anyo na wo.


Eye wogblɔ nɛ bena: Dawò kple nɔviwòwo le tsitre le xexe le didim be, yewoakpɔ wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite