Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 9:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 hafi meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi boŋ, bene esi menye gbeƒãɖela na ame bubuwo la, nye ŋutɔ la nyemagazɔ ame madzemadze o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 ke boŋ meƒoa nye ŋutilã hewɔnɛ nye kluvie ale be nyemabu dziɖuɖufiakuku la o, le esime wònye nyee gblɔ agbenya la na amewo hafi.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 9:27
23 Referans Kwoze  

elabena ne mianɔ agbe le ŋutilã nu la, miele kuku ge; ke ne mietsɔ Gbɔgbɔ wu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo la, miakpɔ agbe.


Ke amesiame, si le kame tem la, eɖɔa ŋu ɖo le nusianu me; ame mawo wɔa nenema, bene woƒe asi nasu dziɖuɖukuku, si gblẽna la dzi; ke miawo la, esi megblẽna o la dzi.


Eyata miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ;


Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple mɔzɔlawo ene be, miade mia dokui ɖa atso ŋutilã nudzodzro, siwo wɔa aʋa ɖe luʋɔ ŋuti la gbɔ,


Eyata ne nuɖuɖu ɖia nɔvinye nu la, ekema nyemele lã ɖu ge gbeɖegbeɖe akpɔ o, bene nyemagana nɔvinye nu o.


Elabena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, eye woatsrɔ̃, alo wòabu ye ŋutɔ ɖokui mahã?


Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe de amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu.


le agbagbadzedze kple kutrikuku me; le ŋudɔdɔwo me agbadre, le dɔwuame kple tsikɔwuame me, le nutsitsidɔwo me agbadre, le vuvɔ kple amamanɔnɔ me.


Esime wogblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi la, wotre mɔ, eye wodze Bileam, Beor vi, amesi lɔ madzɔmadzɔnyenye ƒe fetu la yome;


Woayɔ wo be klosalo gbegbea; elabena Yehowa gbe wo.


Ke Mawu gblɔ na ame vɔ̃ɖi be: Nye ɖoɖowo xexlẽfia kae tsa gbɔwò? Eye nukaŋuti nèlé nye nubabla ɖe nu?


be wòaxɔ subɔsubɔdɔ sia kple apostolonyenye, si gbɔ Yuda te ɖa le, be yeayi ɖe ye ŋutɔ teƒe la.


gake le esi ahosi sia le fu ɖem nam ŋuti la, maɖee, bena mlɔeba la wòagava ade fe ŋku me nam o.


Kɔawo kple alɔawo wo ɖeka ɖe eŋu; sika nyuitɔ wotsɔ tu akaɖiti la blibo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite