Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 9:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Klo mienyae bena, amesiwo le duɖime kem le dusiƒe la, wo katãe kenɛ hafi, gake ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetu la o mahã? Mike duɖime nenema, ne miaƒe asi nasu edzi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Ɖe mienyae be ne wole duɖime kem le dusiƒe la, dusilawo katãe kea duɖime, gake ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetu la oa? Misi du la ale be miaxɔ dziɖuɖufetua.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 9:24
18 Referans Kwoze  

Ke nu ɖeka ko menya: Nusiwo le megbenye la, meŋlɔ wo be, hafi nusiwo le ŋgɔnye la, nyãm mele, mele dzesiɖoƒe yome tim yiɖase Mawu ƒe ameyɔyɔ le dziƒo ƒe dziɖuɖufetu la dzi le Kristo Yesu me.


Eyata miawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina miaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mi la ɖa, eye mina miatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi,


Kpɔ da, megbɔna kaba; lé nusi le asiwò me la, ɖe asi sesĩe, bena amea ɖeke nagaxɔ wò fiakuku la o.


esi me mieléa agbenya la ɖe asi le hena nye adegbeƒoƒo le Kristo ƒe ŋkeke la dzi, bena nyemeƒu du dzodzro, eye nyemedze agbagba dzodzro hã o.


Eyaŋuti azɔ nye la mele dudime kem ale, bena nyemele ɖikeke me o, eye mele kɔ dam ale, bena nyemedaa dadagbo o;


Mieƒu du nyuie! Ameka xe mo na mi be, miagaɖo to nyateƒe la oa?


Mia kple afɔzɔlawo miaƒu du, eye ɖeɖi te ŋuwò, aleke nahayi duɖime ke ge kple sɔwo? Eli bɔkɔɔ le gbɔɖeme nyigba dzi, aleke nahawɔ le Yordan ƒe aƒlatsuwo me?


Ke meyi le nyaɖeɖefiaa ɖe nu, eye metsɔ nyanyuie, si meɖea gbe ƒã le trɔ̃subɔlawo dome la, ɖo wo ŋku me, ke vevietɔ amesiwo wohuna be, wonye nane la ŋku me, bena nyemele du sim dzodzro alo mesi du dzodzro o.


Woayra ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la; elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku, si ŋugbe Aƒetɔ la do na amesiwo lɔ̃nɛ la.


Eye megakpɔ le ɣea te be, duƒuƒu mele alo ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖudukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔbpɔ mele nugɔmesese me o, ke boŋ azãgbe kple nudiɖeame li na wo katã.


Migana amea ɖeke nate dziɖuɖufetu la mi o, alesi wole didim le ɖokuibɔbɔɖeanyi kple mawudɔlawo ƒe subɔsubɔ me, eye wòge ɖe nusiwo mekpɔ kpɔ o la me, eye eƒe ŋutilãtamesusu ɖoe ɖe dzi glodzoo dzodzro,


Woƒe dzidzeka de anyigba blibo la dzi, eye woƒe nuƒoƒo de xexeame ƒe mlɔenu ke; etsɔ wo wɔ agbadɔ na ɣe.


Nyee nye Yehowa, wò Mawui, tso Egipte-nyigba dzi ke, magana nanɔ agbadɔ me abe le ŋkekenyuieduɣi ene.


Ɖe mienyae bena, amesi mietso mia ɖokui wɔ kluvi na, bene miaɖo toe la, miezu amesi mieɖoa toe la ƒe kluviwo, eɖanye nuvɔ̃ tɔ hena ku o alo toɖoɖo to hena dzɔdzɔenyenye o mahã?


Ɖe mienyae bena, amesiwo woa kɔkɔeƒe ƒe dɔwo la, kɔkɔeƒe ƒe nuwo woɖuna, eye amesiwo subɔna le vɔsamlekpui ŋuti la, vɔsamlekpui ƒe nuwo me wokpɔa wo tɔ nua tsonɛ oa?


Ke nyanyuie la ta mewo wo katã ɖo, bene nye hã makpɔ gome le eme.


Menye ɖe nye asi su edzi xoxo, alo mezu blibo xoxo o; ke eyome tim mele, bena negbe ɖeko nye asi lasu nusi ke ŋuti Kristo hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite