Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 9:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Mezu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, bene asinye nasu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo dzi; amewo katã mezu nusianu na, bene maɖe wo dome amea ɖewo kokoko.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Ne mele ame siwo ƒe xɔse meli ke tututu haɖe o la dome la, megbɔa dzi ɖi na wo ale be woalɔ̃ be makpe ɖe yewo ŋu. Ɛ̃, medzea agbagba be masɔ kple ame sia ame le mɔ ɖe sia ɖe dzi, ale be makpɔ mɔnu aɖe kokoko aƒo nu nɛ tso Kristo ŋu be wòakpɔ ɖeɖe tso egbɔ.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 9:22
12 Referans Kwoze  

abe alesi nye hã mele ɖiɖim bena, madze amewo katã ŋu le nusianu me, eye nyemedia nusi nyo na nye ŋutɔ o, ke nusi nyo na ame geɖeawo boŋ, bene woakpe agbexɔxɔ la ene.


Elabena ne menye ɖokuisime, si vo tso amewo katã gbɔ hã la, metsɔ ɖokuinye wo amewo katã ƒe dɔla, bene asinye nasu ame geɖeawo dzi;


Ke ele na mi, amesiwo ŋu ŋusẽ le la bena, miatsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye míagadze mía ɖokui ŋu o.


bene negbe ɖeko mana nye ŋutilãtɔwo aʋa ŋu, eye maxɔ wo dome ɖewo ɖe agbe.


Nɔviwo, ne vodadaa ɖe ɖi ɖe amea ɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me; eye na ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie, bene woagate wò hã akpɔ o.


Eyata ne nuɖuɖu ɖia nɔvinye nu la, ekema nyemele lã ɖu ge gbeɖegbeɖe akpɔ o, bene nyemagana nɔvinye nu o.


Elabena wò nyɔnu, aleke nènyae bena, ale ŋu axɔ srɔ̃wò ɖe agbe mahã? Alo wò ŋutsu, aleke nènyae bena, ate ŋu axɔ srɔ̃wo ɖe agbe mahã?


Ameka gbɔdzɔ, eye nyemagbɔdzɔ oa? Ameka nu woɖia, eye nyemefiã oa?


Ke amesi gbɔdzɔ le xɔse me la, mixɔe, gake menye bene miahe nya le tamesusu vovovowo ŋuti o.


Ame ɖeka xɔna sena bena, yeate ŋu aɖu nusianu, ke amesi gbɔdzɔ la, ama ko wòɖuna.


Mía dome amesiame nadze ehavi ŋu hena eƒe nyonyo, bene woatsɔe atu;


Ke nyanyuie la ta mewo wo katã ɖo, bene nye hã makpɔ gome le eme.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite