Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 9:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Azɔ ɖe, nukae nye nye fetua? Eyae nye bena, nye amesi le nyanyuie la gblɔm la, mana fetu naganɔ nyanyuie la ŋuti o, bene nyemagawɔ nye ŋusẽ la ŋuti do le nyanyuie lã ŋuti o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Le esia ta la, nye fetu koe nye dzidzɔ tɔxɛ si yɔa menye ne megblɔ nyanyui na amewo faa, naneke maxɔmaxɔe, zi ale si wòle ɖoɖo nu be maxɔ fetu ɖe nye dɔwɔna ta hafi.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 9:18
16 Referans Kwoze  

Eye miedi bubu tso amewo gbɔ hã o, eɖanye miawo alo ame bubuwo gbɔ o, wònye míate ŋu aɖo ame mía ɖokui abe Kristo ƒe apostolowo ene hafi,


Ke mikpɔ nyuie, bena miaƒe ŋusẽ nagazu nukikli na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo o.


Elabena mieɖea gbe ƒã mía ɖokui o, ke boŋ Kristo Yesu, bena eyae nye Aƒetɔ la, ke míawo míenye subɔlawo le Yesu ŋuti,


abe alesi nye hã mele ɖiɖim bena, madze amewo katã ŋu le nusianu me, eye nyemedia nusi nyo na nye ŋutɔ o, ke nusi nyo na ame geɖeawo boŋ, bene woakpe agbexɔxɔ la ene.


eye amesiwo wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, nanɔ abe ɖe womelé eŋuti dɔ wɔm o ene; elabena xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina.


Ke ne nɔviwò le nu xam le wò nuɖuɖu ŋuti la, ekema megale zɔzɔm le lɔlɔ̃ la nu o. Megatsɔ wò nuɖuɖu tsrɔ̃ ame ma, si la Kristo ku ɖo la o!


Amesi ŋea nu la, kpɔa fetu, eye wòƒoa kutsetse nu ƒu ɖe agbe mavɔ me, bena amesi ƒã nu kple amesi ŋe nu la, siaa nakpɔ dzidzɔ.


eye esi wònye aɖaŋu ɖeka ƒomevi wowɔna ta la, enɔ wo gbɔ, eye wowɔ ɖo; ke le woƒe aɖaŋuwɔwɔ nu la avɔgbadɔwɔlawo wonye.


Ke amesi le nu ɖom kple amesi le tsi demi la, wo kpakple eve le ɖeka, hafi amesiame axɔ ye ŋutɔ ƒe fetu le ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ la nu.


Ne ame bubuwo kpɔ ŋusẽ sia ƒe gome ɖe mia dzi la, ɖe miawo míekpɔe wu woawo o mahã? Gake miewɔa ŋusẽ sia ŋuti da o, hafi míetsɔa wo katã kpoo boŋ, bene míagaxe mɔ na Kristo ƒe nyanyuie la o.


Ke nye la nyemewɔ nusiawo ƒe ɖeke ŋuti dɔ kpɔ o; eye nyemeŋlɔ nusiawo, bene woawɔ nenema nam o; elabena ne meku la, anyo nam awu esi amea ɖe naɖi gbɔ nye kafukafu.


Elabena ne mewɔ esia kple lɔlɔ̃nu la, fetu te eme nam; ke ne nyemewɔe kple lɔlɔ̃nu o la, wotsɔ xɔnuvidɔ de asi nam.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite