Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 9:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Nenema ke Aƒetɔ la ɖo na amesiwo gblɔa nyanyuie fiana la bena, woakpɔ agbemenuwo tso nyanyuie la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Nenema ke Aƒetɔ ɖe gbe be ame siwo gblɔa nyanyui la fiana la, woakpɔ agbemenuwo tso nyanyui la me.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 9:14
13 Referans Kwoze  

nagatsɔ mɔzɔkotoku alo awu eve, atokotawo alo atizɔti o; elabena dɔwɔla dze eƒe nuɖuɖu.


Ke amesi wofiã nui le nya me la, nade ha kple amesi le nu fiam la, le nu nyuiwo katã me.


Alo ɖe míekpɔ ŋusẽ be, míaɖu nu, eye míano nu oa?


Eye aƒe ma me ke mianɔ, aɖu, eye ano nusi ke le wo si; elabena dɔwɔla dze eƒe fetu. Migatso aƒe me yi aƒe me o.


Eye ɖu, si ke me mieyi ɖo, eye woxɔ mi la, miɖu nusiwo ke wotsɔ ɖo mia kɔme,


eye esi wònye aɖaŋu ɖeka ƒomevi wowɔna ta la, enɔ wo gbɔ, eye wowɔ ɖo; ke le woƒe aɖaŋuwɔwɔ nu la avɔgbadɔwɔlawo wonye.


Elabena ne vidzikpɔla akpe ewo le mia si le Kristo me hã la, fofo geɖe meli na mi o; elabena metsɔ nyanyuie la dzi mi le Kristo Yesu me.


Ne míeƒã gbɔgbɔ me nuwo na mi, eye míexa miaƒe ŋutilãnuwo la, nu gã wònyea?


Ne ame bubuwo kpɔ ŋusẽ sia ƒe gome ɖe mia dzi la, ɖe miawo míekpɔe wu woawo o mahã? Gake miewɔa ŋusẽ sia ŋuti da o, hafi míetsɔa wo katã kpoo boŋ, bene míagaxe mɔ na Kristo ƒe nyanyuie la o.


Elabena ne megblɔ nyanyuie fia la, menye kafukafu nam o, elabena ele nam kokoko be, mawɔe; elabena nenye be, nyemegblɔ nyanyuie la fia o la, baba nam!


Ke esi meva Troa Kristo ƒe nyanyuie gblɔ ge, eye woʋu ʋɔtru nam le Aƒetɔ me la,


elabena míaƒe nyanyuie la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã, abe alesi mienya amesi ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite