Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 8:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye nɔvi, si gbɔdzɔ, amesi ta Kristo ku ɖo la, atsrɔ̃ le wò sidzedze la ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Ale wò ame si tsi le gbɔgbɔ me la ƒe nuwɔna azu nuɖiaɖia gã aɖe na ame bubu si hã ta Kristo ku ɖo, gake wònye vidzĩ le gbɔgbɔ me.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 8:11
8 Referans Kwoze  

Ke ne nɔviwò le nu xam le wò nuɖuɖu ŋuti la, ekema megale zɔzɔm le lɔlɔ̃ la nu o. Megatsɔ wò nuɖuɖu tsrɔ̃ ame ma, si la Kristo ku ɖo la o!


Eyata ne nuɖuɖu ɖia nɔvinye nu la, ekema nyemele lã ɖu ge gbeɖegbeɖe akpɔ o, bene nyemagana nɔvinye nu o.


abe alesi nye hã mele ɖiɖim bena, madze amewo katã ŋu le nusianu me, eye nyemedia nusi nyo na nye ŋutɔ o, ke nusi nyo na ame geɖeawo boŋ, bene woakpe agbexɔxɔ la ene.


Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.


Azɔ mienya le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ɖuɖu la ŋuti bena, trɔ̃a ɖeke mele xexe sia me o, eye bena, mawu bubua ɖeke hã meli o, negbe ɖeka hã koe li.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite