Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 7:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Migagblẽ mia nɔewo ɖi o, negbe ne wo kpakple eve lɔ̃ halase ɣeyiɣia ɖe dzi hafi, bena miakpɔ asinu ado gbe ɖa, eye nusia megbe la miagava awɔ ɖeka, bene Satana nagate mi akpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu la ŋuti o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Eya ta srɔ̃tɔwo nakpɔ egbɔ be yewomegblẽ yewo nɔewo ɖi o, negbe wo ame eve la wowɔ ɖoɖo tɔxɛ be yewoakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Emegbe la, mite kpe be Satana nagate mi akpɔ le ɖokuidzimaɖumaɖu ta o.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 7:5
11 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ na dukɔ la bena: Misu te vaseɖe ŋkeke etɔ̃lia dzi; amea ɖeke megado nyɔnu gbɔ o.


Miƒo dukɔ la nu ƒu, eye mikɔ ameha la ŋu, miyɔ amegã ɖeɖiwo vɛ, eye miƒo ɖeviwo kple vi nonowo nu ƒu; ŋugbetɔsrɔ̃ neɖo tso eƒe xɔ me, eye ŋugbetɔ nedo tso ŋugbetɔxɔ me.


Eye wògblɔ na wo bena: Menye amewo katãe ase nya sia me o, negbe amesiwo wona la ko.


Eyata nye hã, esi nyemegale ŋu do dzi o la, medɔ ɖo ɖa, bene manya miaƒe xɔse, bena misela tela te mi kpɔ, eye míaƒe agbagbadzedze zu dzodzro mahĩ!


Tete Yesu gblɔ ne bena: Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“


eye woabia nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo, siwo le Yehowa Zebaot ƒe me la, agblɔ bena: Ɖe mafa avi atsi nu aɖɔ le dzinu atɔ̃lia me, abe alesi mewɔ ƒe geɖe xoxo enea?


Ke ne eya ŋutɔ gaɖe nyɔnu bubu kpe ɖe eŋu la, ekema megale nuɖuɖu kple avɔtatae o, eye megagbe egbɔ dɔdɔ, hã o.


Nyɔnu mekpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, negbe srɔ̃ŋutsu la ko; ke nenema ke ŋutsu hã mekpe ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, negbe nyɔnu la ko.


Ke esia ƒomevi la mele go do ge o, ne menye to gbedodoɖa kple nutsitsidɔ me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite