Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 7:40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Ke nenye be, enɔ anyi nenema srɔ̃maɖemaɖee la, woayrae awu le nye tamesusu nu. Ke mebuna bena, Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le nye hã menye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

40 Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, meka ɖe edzi be ne nyɔnu ahosi la megaɖe srɔ̃ bubu kura o la, anyo nɛ wu. Meka ɖe edzi be Mawu ƒe Gbɔgbɔe le aɖaŋu sia ɖom na mi to dzinye.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 7:40
13 Referans Kwoze  

Eyaŋuti amesi ke doa vlo esia la, menye amee wòdoa vloe o, ke boŋ Mawu, amesi na eƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe mí lae wòdoa vloe.


Mezu bometsila; gake miawoe zi dzinye. Elabena nye la miawoe lakafum hafi; elabena nyemetsi megbe le naneke me le apostolo, siwo ko akpa la ŋu o, wònye nyemenye naneke hafi o.


Ke megblɔ esia le mia ŋutɔwo miaƒe viɖe ta, menye bene maɖe mi kple ka o; ke boŋ bene mianɔ kɔnuwɔwɔ nyui kple Aƒetɔ ŋunɔnɔ tututu dzi, alesi dze, eye naneke nagahe mi ɖa o.


Ke megblɔ na trewo kple ahosiwo bena, ne woano abe alesi nye hã mele ene la, ekema anyo na wo.


Ke mele esia gblɔm le mɔnana nu, eye menye le sedede nu o.


Nusi ŋuti mieŋlɔ nya nam le la, mebe: Enyo na ame bena, wòagade asi nyanu ŋu o.


Eye meɖo aɖaŋu le esia me; elabena esia nyo na mi amesiwo meto ewɔwɔ gɔme ɖeɖeko o, ke boŋ edidi hã, anɔ ƒe ɖeka enye esi.


Elabena miele dzesi dim le Kristo, si le nu ƒom le menye la si, amesi megbɔdzɔ le mia gbɔ o, ke enu sẽ le mia dome la boŋ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite