Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 7:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Elabena amesi woyɔ wònye kluvi le Aƒetɔ la me la, enye Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, nenema ke amesi woyɔ wònye ablɔɖevi la, enye Kristo ƒe kluvi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Kluvi si trɔ zu xɔsetɔ la zu Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, eye wòvo tso nu vɔ̃ ƒe asi sesẽ la te. Ke ne ènye ablɔɖevi hafi zu kristotɔ la, nyae be yezu Kristo ƒe kluvi azɔ.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 7:22
18 Referans Kwoze  

abe ablɔɖeviwo ene, eye menye abe amesiwo wɔa ablɔɖenyenye la ŋuti dɔ be, wòanye vɔɖinyenye ƒe nutsyɔnu la ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe dɔlawo ene.


megale abe kluvi ene o, ke boŋ wu kluvi la, ele abe nɔvi lɔlɔ̃ ene, vevietɔ na nye, ke aleke geɖe wu wònyee na wò le ŋutilã me kple Aƒetɔ la me siaa?


Elabena, nɔviwo, woyɔ mi va ablɔɖenyenye gbɔ; ɖekoe ablɔɖenyenye la naganye mɔnunana ŋutilã o, ke boŋ misubɔ mia nɔewo le lɔlɔ̃ me!


Ablɔɖenyenye ŋuti Kristo wɔ mí ablɔɖeviwo ɖo. Eyaŋuti minɔ tsitre sesĩe, eye migana woade kluvinyenye ƒe kɔkuti ko na mi o!


Oo Yehowa, wò dɔla menye, wò dɔla, si nye wò dɔlanyɔnu ƒe vi la, menye; wòe tu nye bablawo.


Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla kple Yakobo nɔvi la, ŋlɔ ɖo ɖe amesiwo woyɔ, eye wowɔ wo kɔkɔe le Mawu Fofo la me, eye wodzra wo ɖo le Yesu Kristo me la;


Simon Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, ŋlɔ ɖo ɖe amesiwo kpɔ xɔse xɔasi ma ke kpli mí le mía Mawu kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe dzodzoenyenye la me:


Epafra, amesi tso mia dome, si nye Kristo ƒe dɔla la, ɖuɖɔ mi ƒã; eyae nye amesi nɔa mia ta ʋlim le gbedodoɖa me ɖaasi, bene mianɔ tsitre abe amesiwo le blibo, eye wokpɔ kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene.


Ke azɔ la, ɖe megale nu ƒom, bena wòanyo amewo ŋu loo, alo Mawu ŋua? Alo ɖe mele didim bena, madze amewo ŋua? Ɖe megale amewo ŋu dzem la, anye ne nyemeganye Kristo ƒe dɔla o.


Elabena ne menye ɖokuisime, si vo tso amewo katã gbɔ hã la, metsɔ ɖokuinye wo amewo katã ƒe dɔla, bene asinye nasu ame geɖeawo dzi;


Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, si woyɔ, eye wotia hena Mawu ƒe nyanyuie,


Ne enye kluvi woyɔ la, negave wò o; ke ne ate ŋu azu ablɔɖevi la, wɔ eŋuti do boŋ.


mezu abe semanɔsitɔ ene hena semanɔsitɔwo, gake la nyemenye semanɔsitɔ na Mawu o, ke mele Kristo ƒe se la me boŋ, bene asinye nasu semanɔsitɔwo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite