Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 7:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ne enye kluvi woyɔ la, negave wò o; ke ne ate ŋu azu ablɔɖevi la, wɔ eŋuti do boŋ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Ne ènye kluvi hafi zu kristotɔ la, mègana wòaɖe fu na wò o gake ne èkpɔ mɔnu be nàzu ablɔɖevi la, mègana wòato ŋuwò o.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 7:21
14 Referans Kwoze  

afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔ, kluvi kple ablɔɖevia ɖeke megali o, ke Kristo enye wo katã, eye wòle wo katã me.


Elabena Gbɔgbɔ ɖeka me wode mawutsi ta na mí katã le, bena mianye ŋutilã ɖeka, míeɖanye Yudatɔwo alo Helatɔwo o, míeɖanye kluviwo alo ablɔɖeviwo o, eye wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka kpe na mi katã.


Eye miawo la, migadi nusi miaɖu alo nusi miano o, eye miaƒe tamesusu naganyama mi o.


Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.


Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena eya ŋutɔ gblɔ be: „Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpa o.“


Menye ɖe megblɔ esia le hiahiã ŋuti o; elabena nye la mesrɔ̃e bena, anyinɔnɔ, si ke me mele la, nadze ŋunye.


Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.


Azɔ la Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me.


Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;


Amesiame nanɔ yɔyɔ, si wotsɔ yɔe la me tututu.


Elabena amesi woyɔ wònye kluvi le Aƒetɔ la me la, enye Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, nenema ke amesi woyɔ wònye ablɔɖevi la, enye Kristo ƒe kluvi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite