Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 7:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Elabena ŋutsu, si mexɔ se o la, ŋuti kɔ le srɔ̃a me, eye nyɔnu, si mexɔ se o la, hã ŋuti kɔ le ŋutsua me; ɖe menye nenem o la, ne mia viwo anye ame makɔmakɔwo, ke azɔ la wole kɔkɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Elabena srɔ̃ŋutsu si mexɔ se o la ŋuti kɔ le srɔ̃nyɔnu la ta eye nenema ke srɔ̃nyɔnu si mexɔ se o la hã ŋuti kɔ le srɔ̃ŋutsua si xɔ se ta. Ne menye nenema o la, mia viwo anye nu makɔmakɔwo, gake esi wòle alea ta la, wo ŋuti kɔ.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 7:14
9 Referans Kwoze  

Nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo; ke ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo la, naneke mele dzadzɛ na wo o, ke boŋ woƒe tame kple woƒe dzitsinya siaa ƒo ɖi.


elabena wokɔ eŋuti to Mawu ƒe nya kple gbedodoɖa me.


Nyɔ, Zion, nyɔ nata wò ŋusẽ! Yerusalem, wò du kɔkɔe la, ta wò atsyɔ̃vɔwo! Elabena bolotɔwo kple ame makɔmakɔwo magava mewò azɔ o.


Ke ne abolowo ƒe gbãtɔ la le kɔkɔe la, amɔwɔ blibo la hãe, eye ne ke la le kɔkɔe la, alɔwo hãe.


Tete wòyɔ wo va me, eye wòwɔ amedzro na wo. Eye esi ŋu ke la, etsi tre, eye wòyi kpli wo, eye nɔvi, siwo le Yope la, dometɔa ɖewo kpe ɖe eŋu.


Eye ne ŋutsu, si mexɔ se o la, le nyɔnua ɖe si, eye wòdze ŋutsua ŋu be, yeanɔ egbɔ la, negagbe ŋutsu la o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite